YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 36

36
Esau ƒe dzidzimeviwo
(Kron I, 1.34-37)
1Esau si wogayɔna hã be Edom la ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi: 2#Mos I, 26.34. Nyɔnu siwo Esau ɖe la nye Kanaantɔwo. Woawoe nye: Ada, Xititɔ Elon vinyɔnu; Oholibama, Ana vinyɔnu, ame si nye Xititɔ Zibeon tɔgbuiyɔvi, 3#Mos I, 28.9. kple Basmat, Ismael vinyɔnu, ame si nye Bebayot nɔvinyɔnu. 4Ada dzi Elifaz, eye Basmat dzi Reguel. 5Oholibama dzi Yehus, Yalam kple Korax. Ŋutsuvi siawoe wodzi na Esau le Kanaan-nyigba dzi.
6Esau kplɔ srɔ̃awo, via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe kluvi siwo katã le eƒeme, eƒe lãhawo kple dɔwɔlãwo katã, eye wòƒo ƒu kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ yi Seir-nyigba dzi. 7Eʋu elabe woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o. Gawu la, woƒe lãhawo dzi ɖe edzi ale gbegbe be anyigba si dzi wonye amedzro le la megalolo na wo o. 8Ale Esau yi ɖanɔ Seir-tonyigba dzi. Esau kee nye Edom.
9Esau nye Edomtɔwo ƒe tɔgbuitɔgbui si me wodzɔ tso. Wole Seir-tonyigba la dzi. Esau ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi: 10Esau viŋutsuwo ŋkɔwoe nye esiawo: Esau srɔ̃ Ada viŋutsue nye Elifaz, eye Esau srɔ̃ Basmat viŋutsue nye Reguel. 11Elifaz viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenaz. 12Esau viŋutsu, Elifaz, ƒe ahiãvie nye Timna. Eyae dzi Amalek na Elifaz. Esau srɔ̃, Ada, viŋutsuwoe nye esiawo. 13Reguel viŋutsuwoe nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. Woawoe nye Esau srɔ̃, Basmat, viŋutsuwo. 14Esau srɔ̃ Oholibama, Ana vinyɔnu, ame si nye Zibeon tɔgbuiyɔvi la, dzi viŋutsu etɔ̃ nɛ. Woawoe nye: Yehus, Yaelam kple Korax.
15To siwo dzɔ tso Esau me la woe nye esiwo gbɔna: Esau ƒe ŋgɔgbevi Elifaz ƒe dzidzimeviwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Kenaz, 16Korax, Gaetam kple Amalek. To siawo katã nye Esau srɔ̃ Ada ƒe dzidzimeviwo. 17Esau vi Reguel ƒe dzidzimeviwoe nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. To siawo katã nye Esau srɔ̃ Basmat viwo. 18Vi siwo Esau srɔ̃ Oholibama dzi nɛ la woe nye: Yehus, Yaelam kple Korax. 19To siawo katã dzɔ tso Esau si wogayɔna hã be Edom la me.
Seir ƒe dzidzimeviwo
20Seir, Xoritɔ, ame si nye Edom-nyigba la dzi nɔla tsã la ƒe dzidzimeviwoe nye esi: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, 21Dison, Ezer kple Disan. Woawoe nye toawo ƒe tatɔwo. 22Lotan viŋutsuwoe nye: Xori kple Heman. Nɔvia nyɔnue nye Timna. 23Sobal viŋutsuwoe nye: Alvan, Manaxat, Ebal Sefo kple Onam. 24Zibeon viŋutsuwoe nye: Aya kple Ana. Ana siae fɔ tsi dzodzoe vudo esime wònɔ tɔ́a ƒe tedziwo gbɔ le gbedzi. 25Ana viwoe nye esiawo: Dison kple Ana vinyɔnu, Oholibama. 26Dison viŋutsuwoe nye esiawo: Xemdan, Esban, Yitran kple Keran. 27Ezer viŋutsuwoe nye: Bilhan, Savan kple Akan. 28Disan viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran. 29Xoritɔwo ƒe amegãwoe nye esiawo: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, 30Dison, Ezer kple Disan. Esiawoe nye amegãwo le Seir-nyigba dzi le woƒe duawo nu.
Edom-fiawo
(Kron I, 1.43-54)
31Hafi fiawo nava nɔ Edom-nyigba dzi la, fia siwo ŋkɔ gbɔna la ɖu fia le Edom-nyigba dzi: 32Bela, Beor viŋutsu ɖu fia le Edom, eye eƒe fiadue nye Dinhaba. 33Esi Bela ku la, Serax viŋutsu, Yobab tso Bozra, ɖu fia ɖe eteƒe. 34Esi Yobab ku la, Xusam tso Temantɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe. 35Esi Xusam ku la, Bedad viŋutsu, Hadad, ɖu fia ɖe eteƒe. Eya nye ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab-nyigba dzi, eye eƒe fiadue nye Avit. 36Esi Hadad ku la, Samla tso Masreka, ɖu fia ɖe eteƒe. 37Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot le tɔsisia nu, ɖu fia ɖe eteƒe. 38Esi Saul ku la, Axbor viŋutsu Baal-Xanan, ɖu fia ɖe eteƒe. 39Esi Baal-Xanan, Axbor viŋutsu ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe. Eƒe fiadue nye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabeel, Matred vinyɔnu kple Mesahab tɔgbuiyɔvi.
40Esiawo nye amegã siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo, nɔƒewo kple ŋkɔwo nu: Timna, Alva, Yetet, 41Oholibama, Ela, Pinon, 42Kenaz, Teman, Mibzar, 43Magdiel kple Iram. Ame siawoe nye Edom-megãwo le woƒe nɔƒewo kple woawo ŋutɔ ƒe anyigbawo nu. Esau ye nye Edomtɔwo tɔgbui.

Currently Selected:

Mose I 36: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy