YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 30

30
1Esi Raxel kpɔ be yemedzi vi aɖeke na Yakob o la, eʋã ŋu nɔvia Lea, eye wògblɔ na Yakob be: “Na madzi vi, ne menye nenem o la, maku.” 2Yakob do dɔmedzoe ɖe eŋu gblɔ be: “Mawue menye, axe wò vidzidɔ nua?” 3Tete Raxel gblɔ be: “Nye subɔvi Bilha nye esi. Dɔ kplii ne wòadzi vi ɖe akɔ̀ nam, ne nye hã mazu vi nɔ to edzi.” 4Ale Raxel tsɔ eƒe kosi, Bilha, na Yakob wòɖe, eye wòdɔ kplii. 5Bilha fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob. 6Tete Raxel gblɔ be: “Mawu tso afia nam; ese nye gbedodoɖa, eye wòna viŋutsum. Ale wòna ŋkɔe be Dan. 7Eyome Bilha gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob. 8Raxel gblɔ be: “Meƒo koko na Mawu, te kame kple nɔvinye, eye meɖu dzi.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Naftali.
9Esi Lea kpɔ be yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe subɔvi Silpa na Yakob wòɖe. 10Silpa dzi ŋutsuvi na Yakob. 11Lea gblɔ be: “Nye Mawu ɖi nam!” Ale wòna ŋkɔe be Gad. 12Eyome Silpa gadzi ŋutsuvi evelia na Yakob. 13Tete Lea gblɔ be: “Dzi dzɔm! Azɔ mia tɔ nyɔnuwo akafum ayɔm be ‘Dzidzɔkpɔla.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Aser.
14Gbe ɖeka la, Ruben yi agble le luŋeɣi, eye wòtsɔ lɔlɔ̃gbitsa#30.14: LƆLƆ̃GBITSA: Enye agblemenuku aɖe si amewo buna be enana be nyɔnu dzia vi. vɛ na nɔa Lea. Raxel gblɔ na Lea be: “Meɖe kuku, na viwò ƒe lɔlɔ̃gbitsa la ƒe ɖem.” 15Lea ɖo eŋu nɛ be: “Esi nèxɔ srɔ̃nye le asinye ɖe, mesɔ gbɔ na wò oa? Vinye ƒe agbitsa hãe nèbe yeagaxɔ le asinyea?” Raxel gblɔ be: “Ekema tsɔ viwò ƒe agbitsa la nam ne srɔ̃nyea nadɔ gbɔwò ɖe enu egbe ƒe zã.” 16Esi Yakob gbɔ tso agble le fiẽ me la, Lea yi ɖakpee gblɔ nɛ be: “Egbe ya gbɔnye dɔ ge nàla, elabe metsɔ vinye ƒe agbitsa xe fe ɖe tawò.” Ale wòdɔ kplii gbe ma gbe ƒe zã. 17Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia na Yakob. 18Lea gblɔ be: “Mawu xe fe nam elabe metsɔ nye subɔvi na srɔ̃nye wòɖe.” Ale wòna ŋkɔe be Isaxar. 19Eyome Lea gafɔ fu, eye wòdzi viŋutsu adelia na Yakob. 20Fifia Lea gblɔ be: “Mawu tsɔ nɔƒe xɔasi nam. Srɔ̃nye ade bubu ŋunye azɔ elabe medzi viŋutsu ade sɔŋ nɛ.” Ale wòna ŋkɔe be Zebulon. 21Emegbe la, edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina. 22Ke Mawu meŋlɔ Raxel be o. Eɖo eƒe gbedodoɖa ŋu nɛ, eye wòʋu eƒe vidzidɔ. 23Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa azɔ. 24Aƒetɔ nena magadzi ŋutsuvi ɖeka akpee.” Eya ta ena ŋkɔe be Yosef.
Yakob ƒo nu kple Laban tso egbɔnɔnɔ ŋuti
25Le Yosef dzidzi megbe la, Yakob gblɔ na Laban be: “Medi be nàdo mɔm mayi aƒe. 26Ɖe asi le srɔ̃nye kple vinye siwo ta mewɔ dɔ na wò ɖo la ŋu nam, ne madzo. Wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wòe.” 27Laban gblɔ nɛ be: “Ne àɖe mɔ nam la, magblɔ be to afakaka me la, meke ɖe eŋu be tawòe Aƒetɔ yram ɖo. 28Nu ka nèdi be matsɔ xe fee na ye? Gblɔe nam mana wò.” 29Yakob ɖo eŋu nɛ be: “Wò ŋutɔ ènya vi si meɖe na wò kple ale si wò lãha la va dzi ɖe edzi, esime mele edzi kpɔm la. 30Lãha sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva; ke azɔ la, edzi ɖe edzi fũu, eye Aƒetɔ yra wò to nye vava eme. Gbe ka gbe nye hã mava wɔ dɔ akpɔ nye aƒe dzi?” 31Laban biae be: “Nu ka nèdi be matsɔ xe fe na ye?” Yakob ɖo eŋu be: “Nyemaxɔ naneke le asiwò o. Ke nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò. Ne àlɔ̃ awɔ esia nam ko la, manɔ anyi aganyi wò alẽawo, akpɔ wo dzi. 32Eyae nye be egbe la, na matsa le wò lãha la katã me. Maɖe alẽ ɖe sia ɖe si ƒe agbalẽ me fli to kple esi le ŋɔtaŋɔta kple alẽvi yibɔwo kpakple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo ƒe agbalẽ me fli to la ɖe vovo. Woawoe maxɔ abe nye fetu ene. 33Azɔ tso fifia heyina ne èva be yeakpɔ nye nuteƒewɔwɔ la, ekema eme akɔ na wò ƒãa. Ne àkpɔ gbɔ̃ aɖe si mele ŋɔtaŋɔta o, alo esi ƒe agbalẽ me fli meto o, alo alẽvi aɖe si mele yibɔ o le tɔnyeawo dome ko la, ke ɖe mefii.” 34Laban ɖo eŋu be: “Melɔ̃ ɖe edzi. Míawɔe nenema.” 35Gbe ma gbe ke la, Laban ɖe gbɔ̃tsu siwo ƒe agbalẽ me fli to, alo nu yibɔyibɔwo le la ɖe vovo. Nenema ke eɖe gbɔ̃nɔ siwo katã le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ƒe agbalẽ me fli ɣi to la ɖe vovo. Azɔ egaɖe alẽvi yibɔwo hã ɖe vovo eye wòtsɔ lã siawo katã de asi na viawo. 36Azɔ ena wokplɔ alẽha yeye sia dzoe, ŋkeke etɔ̃ mɔzɔzɔ ƒe didime, tso Yakob gbɔ. Ke Yakob nɔ Laban ƒe lãha mamlɛa dzi kpɔm.
37Yakob tsɔ logo, xe kple nyati mumuwo, eye wòfo tsro le akpa aɖewo ŋu, teƒe mawo fu ɣie, wòsusɔ tsro ɖe teƒe bubuawo. 38Azɔ etsɔ ati siawo ɖo lãawo ƒe tsinonu ŋgɔ. Ewɔ esia bene lãawo nanɔ ati siawo kpɔm ne wova le tsi nom, eye wole asi yɔm la. 39Ale lãawo nɔa atiawo kpɔm le asiyɔɣi, eya ta ne wodzi vi la, fli toa wo viawo ƒe agbalẽ me alo wonɔa ŋɔtaŋɔta alo woƒe agbalẽ me toa vovo. 40Yakob ma alẽviawo ɖa tso lãha la gbɔ, eye wòna lãha la dzea ŋgɔ Laban ƒe lã siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo le yibɔ la. Mena eƒe lãwo tsaka kple Laban tɔwo o. 41Azɔ nenye be lã sesẽtɔwo le asi yɔm la, Yakob tsɔa ati siwo ŋu wòfo tsro le la ɖoa wo ŋgɔ le tsinonua gbɔ bene woafɔ fu adzi vi siwo ƒe agbalẽ me anɔ abe atiawo ene. 42Ke meɖoa atiawo lã beliwo ya ŋgɔ o, eya ta lã beliawo ƒe viwo zua Laban tɔ, eye sesẽawo ƒe viwo zua Yakob tɔ. 43Ale Yakob va zu kesinɔtɔ gã aɖe. Alẽhawo, gbɔ̃wo, kluviwo, kosiwo, kposɔwo kple tedziwo ɖo esi fũu.

Currently Selected:

Mose I 30: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy