YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 12

12
Mawu yɔ Abram
1 # Nya 10.5; Dɔw 7.2, 3; Heb 11.8. Aƒetɔ gblɔ na Abram be: “Ʋu le wò anyigba dzi, tso ƒowòmeawo gbɔ kple tɔ́wò ƒeme, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi. 2Mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò. Mayra wò, eye mana wò ŋkɔ nade du; àzu yayra. 3#Gal 3.8. Mayra ame siwo yra wò, ke ame si ƒo fi de wò la, maƒo fi adee. Mewò anyigba dzi ƒomeawo katã ato axɔ yayra.”
4Abram xɔ ƒe bla adrẽ vɔ atɔ̃ hafi ʋu tso Xaran, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. Lot hã yi kplii. 5Abram kplɔ srɔ̃a Sarai kple tɔgãyɔvia Lot ɖe asi. Wotsɔ woƒe kesinɔnu kple wo ŋume siwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu yi Kanaan-nyigba dzi. Esi wova ɖo Kanaan-nyigbaa dzi la, 6Abram tsa le anyigba la dzi ʋuu va ɖo More-logoti la gbɔ le Sixem. Ɣe ma ɣi la, Kanaantɔwo le anyigba la dzi. 7#Dɔw 7.5; Gal 3.16. Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ be: “Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana.” Ale Abram ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ ame si ɖe eɖokui fiae. 8Tso ɣe ma ɣi la, Abram ʋu tso afi ma yi ɖe tonyigba dzi, le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi. Eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe, eye Ai le ɣedzeƒe. Eɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, eye wòsubɔe le afi ma. 9Esia megbe la, Abram gaʋu tso teƒe yi teƒe ɖo ta Kanaan-nyigba ƒe anyigbemekegbegbe lɔƒo.
Abram yi Egipte
10Ke dɔ va to le Kanaan-nyigba dzi. Dɔ la nu sẽ ale gbegbe be Abram yi ɖe Egipte be yeaɖanɔ afi ma ʋɛ. 11Esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai be: “Menya be èdze tugbe, nyakpɔ ŋutɔ. 12Ne Egiptetɔwo kpɔ wò la, wòagblɔ be: ‘Srɔ̃ae nye esia.’ Ale woawum, ke woana nàtsi agbe. 13#Mos I, 20.2; 26.7.Eya ta meɖe kuku, gblɔ na wo ko be nɔvinye nyɔnue yenye ale woana matsi agbe anɔ dedie le tawò.” 14Esi Abram ɖo Egipte la, Egiptetɔwo kpɔ be nyɔnua dze tugbe ŋutɔ. 15Esi Egipte Fiagã ƒe amegãwo kpɔ nyɔnua la, wokafui na Egipte Fiagã la, eye wokplɔ nyɔnu la va Egipte Fiagã la ƒeme. 16Le Sarai ta la, fia la lé be na Abram nyuie. Alẽ, nyi, tedzi, kluvi, kosi, tedzinɔ kple kposɔwo nɔ esi.
17Ke Aƒetɔ na dɔléle dziŋɔ aɖewo dze Egipte Fiagã la kple eƒemetɔwo dzi le Sarai, Abram srɔ̃ ta. 18Ale Egipte Fiagã la yɔ Abram vɛ hebiae be: “Nu ka nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Nu ka ta mègblɔ nam be ye srɔ̃e wònye o? 19Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvinyɔnue wònye, eye mena wòzu srɔ̃nye? Kpɔ ɖa, srɔ̃wòe nye esi. Kplɔe dzoe! Netsɔ na mi ne miadzo!” 20Egipte Fiagã la ɖe gbe na eƒe amewo, eye wonyà Abram kple srɔ̃a kpakple wo ŋumewo katã.

Currently Selected:

Mose I 12: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy