YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 11

11
Mɔ́tutu ɖe Babel
1Gbegbɔgblɔ ɖeka koe nɔ xexea me katã, eye nyagbe ʋɛ aɖewo koe nɔ wo si. 2Esi woʋu le ɣedzeƒe la, wova ɖo gbadzaƒe aɖe le Sinear, eye wonɔ afi ma. 3Wogblɔ na wo nɔewo be: “Miva, mina míamè anyikpe aƒo dzoe nyuie.” Ale womè kpe, eye wowɔ aŋɔ si woate ŋu ade kpeawo dome woalé wo nɔewo goŋgoŋ la hã. 4Tete wogblɔ be: “Mina míatso du, eye míatu mɔ́ wòakɔ, eye etame natɔ dziƒo ke, ne míaƒe ŋkɔ nade du, ne míagava kaka ɖe xexe blibo la me o.” 5Aƒetɔ ɖi va be yeakpɔ du kple mɔ́ kɔkɔ si amegbetɔ viwo tu la ɖa. 6Aƒetɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka ame siawo nye, eye gbegbɔgblɔ ɖekae le wo katã nu. Nu si wogbɔna wɔwɔ ge la ƒe gɔmedzedze koe nye esi. Azɔ nu sia nu si woɖo be yewoawɔ la, maglo wo o. 7Miva, mina míɖi yi ɖatɔtɔ woƒe gbe bene ame aɖeke nagase nɔvia ƒe nuƒo me o.” 8Ale Aƒetɔ na wokaka tso afi ma ɖe xexe blibo la me, eye wodzudzɔ dua tsotso. 9Eya ta woyɔ woƒe dua be Babel elabe afi mae Aƒetɔ tɔtɔ gbe na dukɔwo katã le, eye wòna wokaka ɖe anyigba blibo la katã dzi tso afi ma.
Sem ƒe dzidzimeviwo
(Kron I, 1.24-27)
10Sem ƒe dzidzimeviwoe nye esiawo: Ƒe eve le tsiɖɔɖɔ la megbe la, Sem xɔ ƒe alafa ɖeka, eye wòdzi Arpaxsad. 11Le ɖevi sia dzidzi megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
12Esi Arpaxsad xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Selax. 13Le Selax dzidzi megbe la, Arpaxsad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
14Esi Selax xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Eber. 15Le Eber dzidzi megbe la, Selax ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
16Eber xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ ene hafi dzi Peleg. 17Le Peleg dzidzi megbe la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene bla etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
18Esi Peleg xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Reu. 19Le Reu dzidzi megbe la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asieke, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
20Reu xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ eve hafi dzi Serug. 21Le Serug dzidzi megbe la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adrẽ, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
22Esi Serug xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Naxor. 23Le Naxor dzidzi megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
24Naxor xɔ ƒe bla eve vɔ asieke hafi dzi Terax. 25Le Terax dzidzi megbe la, Naxor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wui asieke, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
26Esi Terax xɔ ƒe bla adrẽ la, edzi Abram, Naxor kple Xaran.
Terax ƒe dzidzimeviwo
27Terax ƒe dzidzimeviwoe nye esiawo: Terax dzi Abram, Naxor kple Xaran, eye Xaran dzi Lot. 28Ke Xaran tre kuku na tɔ́a Terax le wo de Ur le Kaldea-nyigba dzi. 29Abram kple Naxor ɖe srɔ̃. Abram srɔ̃ ŋkɔe nye Sarai. Naxor srɔ̃ ŋkɔe nye Milka, ame si nɔvie nye Yiska. Wo tɔ́ ŋkɔe nye Xaran. 30Ke Sarai tsi ko; medzi vi kpɔ o.
31Terax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, ame si nye Xaran vi kple toyɔvia Sarai, via Abram srɔ̃ la, tso Ur le Kaldea, be woayi Kanaan-nyigba dzi. Ke esi woɖo Xaran la, wotsi afi ma. 32Terax nɔ agbe ƒe alafa eve kple atɔ̃ hafi ku le Xaran.

Currently Selected:

Mose I 11: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy