Galatiatɔwo 6
6
Mikpe ɖe mia nɔewo ŋu le xaxa me
1Nɔvinyewo, ne mia dometɔ aɖe da vo la, mi ame siwo kplɔm Mawu ƒe Gbɔgbɔ le la, midze agbagba, miagbɔ dzi ɖi blewuu aɖɔe ɖo. Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie be womagate wò ŋutɔ hã akpɔ o. 2Mikpe fu ɖe mia nɔewo ti, ale be miawɔ Kristo ƒe se la dzi. 3Ne ame aɖe bu be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui ko flum wòle. 4Ame sia ame nedo eya ŋutɔ ƒe nuwɔna kpɔ. Ne ewɔ esia la, akpɔ nu si ŋu wòaƒo adegbe le, le eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko me. Ke menye be wòatsɔ eƒe nuwɔna asɔ kple ame bubu tɔ o, 5elabe ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe agba tsɔ ge.
6Ame si le nu srɔ̃m tso mawunya ŋu la, nena ame si le nua fiamee la nakpɔ gome le nu nyui siwo katã le esi la me.
7Migable mia ɖokui o. Womeflua Mawu o. Nu si ame ƒã la, eya ke wòaŋe. 8Ame si ƒã nu ɖe ŋutilãmedidi me la, nu si wòaŋe tso eme lae nye gbegblẽ. Ke ame si ƒã nu ɖe Gbɔgbɔmedidi me la, agbe mavɔe nye nu si wòaŋe tso eme. 9Migana nu nyui wɔwɔ nati mí o, elabe ne meti mí o la, míava kpɔ eme viɖe le ɣeyiɣi si dze la dzi. 10Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ gale mía si la, mina míawɔ nu nyui na ame sia ame, vevietɔ na míaƒe Kristo ƒome la, si nye xɔsetɔwo.
Nuxlɔ̃amenya kple gbedoname
11Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi lolo siwo nye ŋutɔ metsɔ asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la ɖa! 12Ame siwo di be yewoadze amegbetɔwo ŋu lae le fu ɖem na mi be wonetso aʋa na mi. Nu si ta wole nu sia wɔm ɖo koe nye be amewo nagati wo yome le Kristo ƒe atitsoga la ta o. 13Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã mewɔa sea dzi o. Nu si ko dim ame siawo le be yewoawɔe nye be yewoaƒo adegbe be miawo gɔ̃ hã miebɔbɔ ɖe yewoƒe se la te, eye miena wotso aʋa na mi. 14Ke nye la, nyemegadi kura be maƒo adegbe na mi tso nu bubu aɖeke ŋu, wu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la o. Kristo mee woklã xexea me ɖe atitsoga ŋu ɖo nam, eye Kristo me kee woklã nye hã ɖe atitsoga ŋu ɖo na xexea me. 15Wotso aʋa na ame aɖe o, womeɖatso aʋa nɛ o, eya mele vevie o. Ame yeye nyenye lae le vevie. 16Mawu neve ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo sia nu la nu, eye wòana ŋutifafa wo. Newɔ esia na eƒe Israel yeye la hã.
17Tso fifia dzi heyina la, ame aɖeke megaɖe fu nam o, elabe nye la, abikukuteƒe siwo le ŋunye la fia be Yesu tɔ menye.
18Nɔvinyewo, mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve miaƒe gbɔgbɔ nu! Amen.
Currently Selected:
Galatiatɔwo 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: