Efesotɔwo 1:18-21
Efesotɔwo 1:18-21 EB14
Mebianɛ be wòaʋu miaƒe ŋkuwo, be miakpɔ nu si wòyɔ mi vɛ, be miava kpɔ mɔ na la; ale si gbegbe domenyinu siwo li na eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la xɔ asii, kple ale si eƒe ŋusẽ triakɔ la le dɔ wɔm le mí, ame siwo xɔ edzi se la mee. Ŋusẽ sia, si le dɔ wɔm le mia me la, sɔ kple ŋusẽ si wotsɔ fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòna wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe ɖusime le dziƒowo la. Dziɖuɖuwo, ŋusẽ siwo le amegbetɔwo si ɖe nuwo dzi kple ŋusẽ tɔxɛ bubuwo katã kpakple fiaɖuƒewo le ete. Eŋkɔ ƒo ŋkɔ siwo katã le fifi xexe kple xexe si le vava ge la me la ta.





