Nyagblɔla Salomo 2
2
1Megblɔ le ɖokuinye me be mate agbeɖuɖu kpɔ, ne nye dzi nadze eme. Gake kpɔ ɖa, esia hã nu dzodzro ko wònye. 2Megblɔ le nukoko ŋu be aɖaʋae, eye megblɔ le dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be nu kae le eme? 3Mede ŋugble be mado dzidzɔ na nye ŋutilã kple wain, ke sidzedze naganɔ menye, eye be mawɔ bometsinu va se ɖe esime mekpɔ nu si nyo be amegbetɔ nawɔ le dziƒoa te le eƒe agbenɔŋkekewo me. 4#Fia I, 10.23-27; Kron II, 9.22-27. Mewɔ dɔ klitsuwo; metso aƒewo, eye mede waingblewo. 5Metso abɔwo, eye metu modzakaɖebɔwo hedo kutsetseti vovovowo ɖe wo me. 6Nye ŋutɔ mewɔ tawo, be matsɔ wo me tsi ade ati fɛ̃awo. 7#Fia I, 4.23. Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi bubuwo hã ɖe nye ŋutɔ nye aƒeme. Alẽwo kple nyiwo hã nɔ asinye fũu. Nye lãwo sɔ gbɔ wu ame sia ame si nɔ Yerusalem kpɔ la tɔ. 8#Fia I, 10.10, 14-22. Nenema ke meƒo sika, klosalo kple fiawo kpakple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu na ɖokuinye. Meɖo ŋutsuhadzihawo kple nyɔnuhadzihawo na ɖokuinye. Nu siwo katã doa dzidzɔ na ŋutsu la nɔ asinye: nyɔnu nyɔnuwo bɔ ɖe asinye.
9 #
Kron I, 29.25. Ale meva zu kesinɔtɔwo ƒe kesinɔtɔ, eye mexɔ ŋkɔ wu ame siwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la. Ke sidzedze ganɔ menye. 10Nu sia nu si dzro nye ŋku la, mekpɔnɛ. Nyemegbe dzidzɔ aɖeke dodo na ɖokuinye o, elabe dɔ sia dɔ si mewɔna la doa dzidzɔ nam, eye esia nye viɖe si mekpɔ tso nye dagbadagbawo katã me. 11Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mewɔ kple fu siwo katã mekpe le wo wɔwɔ me ŋu la, kpɔ ɖa, nu dzodzro kple yadɔ ko wo katã wonye. Viɖe aɖeke mele wo me le ɣea te o.
12Azɔ metrɔ be malé ŋku ɖe sidzedze, aɖaʋadzedze kple bometsitsi ŋu elabe nu ka ame si va zi dzi ɖe fia yome la awɔ? Nu si wowɔ va yi xoxo la koe! 13Tete mekpɔ be sidzedze ƒo bometsitsi ta sãa abe ale si kekeli ƒo viviti ta sãa la ene. 14Nunyala to ŋku tsɔna kpɔa nui; ke bometsilawo ya zɔa viviti me. Ke hã la, mede dzesii be nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe wo kple eve la siaa dzi. 15Eya ta megblɔ le ɖokuinye me be: “Nu si dzɔ ɖe bometsila dzi la, eya kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye. Ekema nu ka ta sidzedze le menye ale gbegbe?” Tete megblɔ na ɖokuinye be: “Esia hã nu dzodzro ko wònye.” 16Elabe nunyala o, bometsila o, womaɖo ŋku ɖeke dzi ɖaa o. Eteƒe madidi o ko woŋlɔ wo be xoxo. Ale ke wɔ nunyala hã kuna abe bometsila ene? 17Esiawo katã ta melé fu agbenɔnɔ ɖo, elabe nu siwo wowɔna le ɣea te la veam elabe wo katã nye nu dzodzro kple yadɔ ko.
18Melé fu dɔ siwo katã medze agbagba wɔ le ɣea te la, elabe mele wo gblẽ ge ɖi godoo na yonyemedzela. 19Ame kae nya ne eyama ava nye nunyala loo, alo bometsila? Evɔ wònye eyae gbɔna tɔ ɖo ge ɖe nu siwo katã metsɔ nye ŋusẽ kple nunya wɔ le ɣea te la nu. Esia hã nu dzodzro ko ye. 20Dzi ɖe le ƒonye, le dɔ siwo katã medze agbagba wɔ le ɣea te la ŋu, 21elabe ɣe aɖewo ɣi la, ele na gbetɔ be wòagblẽ nu siwo katã wòku kutri tsɔ eƒe sidzedze, nunya kple aɖaŋu wɔe la ɖi na ame bubu, si mekpe fu aɖeke ɖe eŋu o. Esia hã nye nu dzodzro kple nuvɔ̃ɖi gã aɖe. 22Viɖe ka tututue gbetɔ kpɔna tsoa eƒe dagbadagbawo kple ɖeɖiteameŋuwo me le ɣea te? 23#Hiob 5.7; 14.1. Eƒe agbenɔŋkekewo katã yɔ fũu kple nuxaxa, eye eƒe dɔwɔwɔ nana be wòsea veve. Le zã me gɔ̃ hã la, meɖea dzi ɖi o. Esia hã nu dzodzro ko wònye.
24 #
Nyagb 3.13; 5.18; 9.7; Yes 56.12; Luk 12.19; Kor I, 15.32. Ðe menye nu nyuitɔ na gbetɔe nye be wòaɖu nu, ano nu, eye ne ewɔ dɔ kpɔ nu la, wòaɖu agbe oa? Mekpɔ dze sii be eya hã Mawu ƒe nunana wònye. 25Elabe Mawu manɔmee la, ame kae ate ŋu aɖu nu alo aɖu agbe? 26#Hiob 32.8; Lod 2.6.Ame si ƒe nu nyo Mawu ŋu la, eyae wòtsɔa sidzedze, nunya kple dzidzɔkpɔkpɔ nana. Ke nuvɔ̃wɔla ya la, Mawu nana be wòƒoa ƒu nu, lia kɔe ɖi gleglegle, be ye Mawu ŋutɔ yeatsɔe na ame si dze ye ŋu la. Eya hã nye nu dzodzro kple yadɔ ko.
Currently Selected:
Nyagblɔla Salomo 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.