Mose V 5
5
Se Ewoawo
(Mos II, 20.1-17)
1Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Israelviwo, miɖo to ne miase se kple ɖoɖo siwo katã gblɔ ge mele na mi egbe sia. Misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi ne miawɔ wo dzi. 2Esi míenɔ Xoreb gbɔ la, Aƒetɔ, mía Mawu la bla nu kpli mí. 3Menye mía tɔgbuiwo koe wòbla nu sia kplii le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ eblae kple mí ame siwo katã le agbe le afii egbe hã. 4Aƒetɔ ƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo me le to sia gbɔ. 5Le ɣe ma ɣi me la, menɔ mi kple Aƒetɔ dome be magblɔ Aƒetɔ ƒe nyawo na mi elabe mienɔ dzo la vɔ̃m, eye miete ŋu lia to la o. Egblɔ be:
6“ ‘Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi afi si nènye kluvi le kpɔ.’ ”
7“ ‘Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.’ ”
8 #
Mos III, 26.1; Mos V, 4.15-18; 27.15. “ ‘Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ naneke si le dziƒo, alo anyigba dzi, alo tsi me le anyigba te o. 9#Mos II, 34.6, 7; Mos IV, 14.18; Mos V, 7.9, 10.Mègade ta agu na wo dometɔ aɖeke alo asubɔ ɖeke o, elabe nye Aƒetɔ, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye. Meɖoa vi tɔ́wo ƒe vodada teƒe na wo vi siwo léa fum va se ɖe woƒe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. 10Ke mevea dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye sewo dzi la nu.’ ”
11 #
Mos III, 19.12. “ ‘Mègayɔ Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkɔ dzodzro o, elabe ame si yɔ Aƒetɔ ŋkɔ dzodzro la, magbe tohehe nɛ o.’ ”
12 #
Mos II, 16.23-30; 31.12-14. “ ‘Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nàwɔe kɔkɔe abe ale si Aƒetɔ wò Mawu la de se na wò ene. 13#Mos II, 23.12; 31.15; 34.21; 35.2; Mos III, 23.3.Wɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye èkpɔ mɔ awɔ ŋuwò dɔ ɖe sia ɖe ƒomevi le ŋkeke ade siawo me. 14Ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Gbe ma gbe la, ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Wò ŋutɔ wòɖanye o, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu wòɖanye o, wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu wòɖanye o, wò nyitsu, wò tedzi alo wò lãwo dometɔ aɖe wòɖanye o, mɔzɔla si dze gbɔwò la wòɖanye o, ɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Ele be wò dɔlawo hã, ŋutsu kple nyɔnu, nagbɔ ɖe eme gbe ma gbe abe wò ŋutɔ ke ene. 15Ɖo ŋku edzi be yenye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ kplɔ wò tso afi mae. Esia tae Aƒetɔ, wò Mawu la le gbɔgblɔm na wò be nàwɔ dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi ɖo.
16 #
Mos V, 27.16; Sir 3.1-16; Mat 15.4; 19.19; Mar 7.10; 10.19; Luk 18.20; Efes 6.2;
Efes 6.3. “ ‘Bu tɔ́wò kple nɔwò abe ale si nye Aƒetɔ, mia Mawu la mede se na wò ene, be nànɔ agbe didi, eye nu nadze dzi na wò le anyigba si mele tsɔtsɔ ge na wò la dzi.’ ”
17 #
Mos I, 9.6; Mos III, 24.17; Mat 5.21; 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9; Yak 2.11. “ ‘Mègawu ame o.’ ”
18 #
Mos III, 20.10; Mat 5.27; 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9; Yak 2.11. “ ‘Mègawɔ ahasi o.’ ”
19 #
Mos III, 19.11; Mat 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9. “ ‘Mègafi fi o.’ ”
20 #
Mos II, 23.1; Mat 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20. “ ‘Mègaɖi aʋatsoɖase le ame aɖeke ŋuti o.’ ”
21 #
Rom 7.7; 13.9. “ ‘Ame srɔ̃ megabiã ŋu na wò o. Nenema ke ame ƒe aƒe, eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu loo, alo dɔlanyɔnu kple eƒe tedzi alo nu sia nu si nye ame aɖe tɔ la ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.’ ”
22 #
Heb 12.18, 19. “Se siawoe Aƒetɔ de na mi katã esime mieƒo ƒu ɖe toa gbɔ. Nya siawoe Aƒetɔ gblɔ kple gbe sesẽ tso to la dzi tso dzo kple alilikpo dodo me; megagblɔ nya aɖeke kpe ɖe wo ŋu o. Aƒetɔ ŋlɔ seawo ɖe kpe eve dzi hetsɔ nam.
Dukɔ la ƒe vɔvɔ̃
(Mos II, 20.18-21)
23“Esime dzo nɔ bibim le toa ŋu, eye miese gbea tso vivitia me la, miaƒe toawo ƒe tatɔwo kple ame tsitsiwo va gbɔnye, 24eye wogblɔ be: ‘Aƒetɔ, mía Mawu la na míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye esi míese eƒe nuƒo tso dzo la me. Míekpɔ nuteƒe egbe! Mawu ƒo nu kple amegbetɔ gake wògale agbe! 25Ke nu ka ta míaku azɔ? Dzobibi gã sia le mía fiã ge. Ne míegase Aƒetɔ, mía Mawu ƒe gbe ko, míeku. 26Amegbetɔ ka le xexe sia me si se Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzobibi me abe míawo ene, ko tsi agbe kpɔ? 27Te ɖe eŋu nàse nya siwo katã gblɔm wòle, nàva gblɔ na mí. Míaɖo to ase wo tso nuwò, eye míawɔ wo dzi.’
28“Ale Aƒetɔ se miaƒe nya, esi mieƒo nu kplim. Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Mese nya siwo katã dukɔ sia gblɔ na wò. Nu siwo katã wogblɔ la le eteƒe. 29Ko wòanye alea woƒe susu anɔ woanɔ vɔ̃yem ɣe sia ɣi! Woalé nye sededewo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi la, anyo na woawo kple woƒe dzidzimeviwo siaa tegbee hafi! 30Yi ɖagblɔ na wo be wonegbugbɔ yi woƒe agbadɔwo gbɔ. 31Ke wò la, tsi tsitre ɖe gbɔnye afii, ne magblɔ nye seawo katã kple ɖoɖoawo kpakple kɔnuawo na wò. Nàfia wo be woawɔ wo dzi le anyigba si tsɔm mele na wo wòazu wo tɔ la dzi.’ 32Mikpɔ gbɔ be yewolé seawo katã me ɖe asi, eye yewowɔ wo dzi pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la gblɔ na mi ene. Migatrɔ ɖe ɖusi alo miame o. 33Miwɔ seawo katã dzi ne nu nanyo na mi, ne mianɔ agbe didi le anyigba si azu mia tɔ la dzi.
Currently Selected:
Mose V 5: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.