Mose V 26
26
Nuŋeŋe Nunanawo
1“Ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, èxɔe wòzu tɔwò eye ètso duwo ɖe edzi la, 2#Mos II, 23.19.tsɔ wò agblemenu ɖe sia ɖe si nèŋe gbã le anyigba la dzi la de kusi me, eye nàtsɔe yi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ, wò Mawu la, tia la. 3Tsɔe yi nunɔla si li ɣe ma ɣi la gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be: ‘Mele eme ʋum na Aƒetɔ, wò Mawu la, egbea be meva ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo be yeatsɔ na mí la dzi.’ 4Nunɔlaa axɔ kusi la le asiwò atsɔ ɖo Aƒetɔ, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ.
5“Gblɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume be: ‘Tɔgbuitɔgbui si ƒe dzidzimevi menye la nye Aramtɔ tsatsala aɖe. Eʋu kple viawo yi Egipte eye wònye amedzro nɔ afi ma. Womesɔ gbɔ hafi yi o, ke wodzi ɖe dzi fũu, eye wova zu dukɔ triakɔ sesẽ aɖe. 6Egiptetɔwo sẽ tame le mía ŋu, te mí ɖe anyi, eye wona míewɔ dɔ sesẽ abe kluviwo ene. 7Tete míedo ɣli yɔ Aƒetɔ, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la. Ese míaƒe ɣlidodoa, eye wòkpɔ míaƒe hiã, dagbadagba kple fukpekpewo. 8Aƒetɔ wɔ nukunu kple dzesiwo, eye wòna ŋɔdzinuwo dzɔ. Etsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ wɔnuku la kplɔ mí tso Egipte. 9Ekplɔ mí va afii eye wòtsɔ anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la na mí. 10Azɔ, Aƒetɔ, kpɔ ɖa, agblemenu siwo nènam meŋe la ƒe gbãtɔe nye esi metsɔ vɛ na wò.’ Ekema tsɔ kusi la ɖo Aƒetɔ ŋkume eye nàde ta agu, asubɔe. 11Azɔ na wò kple aƒewò me tɔwo katã, Levitɔ kple amedzro siwo le gbɔwò la hã miakpɔ dzidzɔ le nu nyui siwo katã Aƒetɔ, wò Mawu na wò la ŋuti.”
12 #
Mos V, 14.28, 29. “Le ƒè etɔ̃lia sia ƒe etɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsɔ wò agblemenuwo ƒe akpa ewolia na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ale be ame sia ame nakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo le duawo katã me. Ne èwɔ esia vɔ la, 13gblɔ na Aƒetɔ, wò Mawu la, be: ‘Meɖe nuwo ƒe akpa ewolia si nye nu kɔkɔe le aƒenye me la katã ɖa, eye metsɔe na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nègblɔ nam be mawɔe ene la pɛpɛpɛ. Se siwo nède nam le nuwo ƒe akpa ewolia ŋu la, nyemeda ɖeke dzi o, nyemeŋlɔ ɖeke be hã o. 14Esime mele fu nyim la, nyemeɖu ɖeke o. Nyemetsɔ ɖeke hã esime ŋunye mekɔ le kɔnua nu o. Nenema ke nyemetsɔ ɖeke na abe ame kuku ŋu nunana ene o. Aƒetɔ, nye Mawu, mese wò gbe, eye mewɔ nu sia nu si nègblɔ nam be mawɔ le nuwo ƒe akpa ewolia gome la. 15Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra wò dukɔ Israel kple anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo si nètsɔ na mí abe ale si nèka atam na mía tɔgbuiwo ene la.’ ”
Aƒetɔ ŋutɔ ƒe dukɔ
16“Egbe la, Aƒetɔ, wò Mawu la, le se dem na wò be nàwɔ yeƒe se kple ɖoɖo siawo dzi. Eya ta lé wo me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me. 17Egbe la, èke nu gblɔ kple kakaɖedzi na Aƒetɔ be eya koe nye yeƒe Mawu. Èdo ŋugbe be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, alé eƒe ɖoɖo, se kple kɔnuwo me ɖe asi, aɖo to eƒe gbe. 18#Mos II, 19.5; Mos V, 4.20; 7.6; 14.2; Tito 2.14; Pet I, 2.9.Egbe la, Aƒetɔ ka ɖe dzi na wò be èzu ye ŋutɔ yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe na wò ene, eye wòle gbɔgblɔm na wò be nalé yeƒe sededewo katã me ɖe asi. 19Ana nàde ŋgɔ wu dukɔ siwo katã wòwɔ, eye nàtsɔ kafukafu, dodoɖedzi kple bubu na eŋkɔ. Ànye dukɔ kɔkɔe na Aƒetɔ, wò Mawu la, abe ale si wòdo ŋugbee ene.”
Currently Selected:
Mose V 26: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.