Amos 4
4
1“Samaria-nyɔnuwo, mi ame siwo da ami
abe Basan-nyinɔwo ene.
Mi ame siwo te ame dahewo ɖe anyi,
gbã hiãtɔwo gudugudu,
eye miegblɔna na mia srɔ̃wo be:
‘Ku aha vɛ míno!’
miɖo to miase nya sia.
2Aƒetɔ Mawu Kɔkɔetɔ la tà eɖokui
le gbɔgblɔm be:
“Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi li gbɔna,
esime woaɖe mi kple ƒè ahe adzoe.
Woahe ame mamlɛtɔ ke hã
kple ď adzoe.
3Miato dua ƒe gli gbagbãwo me,
ame sia ame akpɔ ŋgɔ tẽe,
eye woatsɔ mi aƒu gbe
ɖe Harmon.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Israel gbe nusɔsrɔ̃
4“Israelviwo, miva Betel ne miawɔ nuvɔ̃.
Miva Gilgal ne miawɔe ɖe edzi.
Misa vɔ ŋdi,
eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe akpa ewolia
va na ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.
5Miyi ɖatsɔ abolo si me amɔwɔ ʋaʋã le la
sa akpedadavɔ na Mawu,
eye miaɖe gbeƒã, aƒo adegbe
be yewona nu faa tso dzime.
Elabe esia wɔwɔe dzɔa dzi na mi.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
6 #
Nya 12.2, 10. “Nyee na dɔ to le miaƒe duwo katã me,
ke miegbe be yewomatrɔ ava gbɔnye o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
7“Esime wòsusɔ ɣleti etɔ̃ ne miaŋe nu,
eye miehiã tsidzadza vevie la,
nye kee te tsi mi.
Mena tsi dza le du ɖeka me,
ke medza le bubu me o.
Mena tsi dza le agble ɖeka me,
ke agble evelia ya me ƒu kplákplakpla.
8Amewo mua ya sagasaga
tsoa du eve alo etɔ̃ me yia du ɖeka me be yewoano tsi,
gake womeɖia kɔ o;
ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
9“Mena ŋdɔ sesẽ ɖu miaƒe nukuwo,
eye dɔ dze wo dzi wotsi to nu.
Ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo,
waingblewo, kutsetsetiwo kple amitiwo,
ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
10“Mehe dɔ vɔ̃ va mia dzi
abe ale si mehee va Egiptetɔwo dzii ene.
Mena miaƒe ɖekakpuiwo tsi yi nu le aʋa me,
eye futɔwo xɔ miaƒe sɔwo le mia si dzoe.
Mena ame siwo ku le miaƒe asaɖa me la
ƒe ʋeʋẽ ɖo ŋɔti me na mi;
ke miegbe mietrɔ va gbɔnye o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
11 #
Mos I, 19.24. “Metsɔ mi xlã ɖe anyi
abe ale si Mawu xlã Sodom kple Gomora ɖe anyii ene,
eye mienɔ abe ga yibɔ si woɖe le dzo me ene.
Ke mietrɔ va gbɔnye o.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
12“Israelviwo, midzra ɖo ne miado gom.
Azɔ mele to he ge na mi.”
13Elabe kpɔ ɖa, eya ame si wɔ towo kple yaƒoƒo,
eye wòna amegbetɔ nya eƒe susu;
eya ame si trɔa agudzedze wòzua zã,
eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo ke la,
eŋkɔe nye: Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla!
Currently Selected:
Amos 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.