Bible App logo
Search Icon

Samuel II 2

2
Woɖo David fiae le Yuda
1Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, David bia Aƒetɔ be: “Mayi ɖanɔ Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Yi.” David bia be: “Ka mee mayi?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Yi Xebron.” 2#Sam I, 25.42, 43. Ale David yi Xebron kple srɔ̃a eveawo, Axinoam Yezreeltɔ kple Abigail, Nabal ƒe ahosia, tso Karmel. 3Ekplɔ ame siwo le eŋu la hã yii, ɖe sia ɖe kple eƒemetɔwo, eye woɖanɔ du siwo le Xebron gbɔ la me. 4#Sam I, 31.11-13. Tete Yuda-ŋutsuwo va David gbɔ le Xebron, eye wosi ami nɛ wòzu fia le Yuda. Esi wogblɔ na David be: “Yabestɔ siwo le Gilead lae ɖi Saul” la, 5edɔ ame ɖo ɖe wo be wòaɖagblɔ na wo be: “Aƒetɔ neyra mi le esi miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ Saul be mieɖii la ta. 6Le nu si miewɔ ta, Aƒetɔ nenyo dɔme eye wòaɖi anukware na mi. Nye hã mawɔ nyui na mi le nu si miewɔ ta. 7Azɔ mido ŋusẽ nu, eye miwɔ kalẽ! Elabe miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye Yudatɔwo si ami nam be manye yewoƒe fia.”
Woɖo Isboset fiae le Israel
8Ke Saul ƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi, sí kple Saul vi, Isboset yi Maxanaim le Yordan godo. 9Abner ɖoe fiae le afi ma ɖe Gileadtɔwo, Asertɔwo, Yezreeltɔwo, Efrayimtɔwo, Benyamintɔwo kple Israel blibo la dzi. 10Exɔ ƒe bla ene esi woɖoe fia le Israel, eye wònɔ zia dzi ƒe eve. Ke Yuda-to la ya nɔ David yome, 11eye wònɔ Xebron ɖu wo dzi ƒe adrẽ kple afã.
Israel kple Yuda wɔ aʋa
12Abner kple Isboset ƒe dɔlawo ho tso Maxanaim yi Gibeon-du me. 13Yoab, ame si nɔ nye Zeruya kple David ƒe dɔlawo hã ho, eye akpa eveawo va do go le tá la nu, eye wo katã nɔ anyi ɖe afi ma. Akpa ɖeka nɔ tá la ƒe go ɖeka dzi, eye evelia hã nɔ go kemɛ dzi. 14Abner gblɔ na Yoab be: “Mína ɖekakpuiawo dometɔ aɖewo natsi tsitre ate kame ne míakpɔ.” Yoab lɔ̃ ɖe edzi. 15Ale ɖekakpui wui eve tso Isboset ƒe akpa dzi va kpe kple ɖekakpui wui eve tso David ƒe akpa dzi. 16Wo dome ame sia ame lé nɔvia ƒe ta, eye wòƒo adekpui ɖe axadame nɛ. Ale wo katã wodze anyi zi ɖeka heku. Eya ta wona ŋkɔ teƒe la be “Helkat-hazurim” le Gibeon.
17Tete aʋa dziŋɔ aɖe dzɔ gbe ma gbe, ɖe akpa eveawo dome eye David ƒe amewo ɖu Abner kple Israeltɔwo dzi.
18Yoab, Abisai kple Asahel siwo nye Zeruya viŋutsuwo la nɔ David ƒe ameawo dome. Asahel, ame si ƒua du abe zi ene la, 19ɖe Abner ɖe nu tẽe. 20Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wògblɔ be: “Asahel, wòea?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, nyee!” 21Abner gblɔ be: “Gbugbɔ le yonyeme. Ti ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka yome ne nàlée axɔ eƒe nuwo le esi.” Gake Sahel gakplɔe ɖo ko. 22Abner gagblɔ nɛ be: “Mebe trɔ le yonyeme! Nu ka ta nèle teyem kpɔ be mada nu wò aƒu anyi nàku? Ale ke mate ŋu akpɔ nɔviwò Yoab ŋkumee?” 23Ke egbe tɔtrɔ. Ale Abner da akplɔe to megbe.#2.23: ‘dae to megbe’ Gɔmeɖeɖe aɖewo be “dae to megbe.” Nya sia me mekɔ le Hebri-gbe me o. Akplɔa tɔ dɔme nɛ, ɖi go ɖe egodo. Asahel dze anyi ɖe afi ma heku eye ame sia ame si va to afi si wòdze anyi ku ɖo la tɔna ɖi.
24Yoab kple Abisai kplɔ Abner ɖo kple du. Esi ɣe nɔ to ɖom la, wova Ama-togbɛ si le Giax ƒe ɣetoɖoƒe gome, le mɔ, si ɖo ta Gibeon-gbedadaƒo, to la gbɔ. 25Tete Benyamin viwo ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe Abner ŋu, wɔ aʋakɔ ɖeka, eye wotsi tsitre ɖe togbɛ aɖe tame. 26Abner yɔ Yoab ɖa gblɔ nɛ be: “Ɖe míanɔ aʋawɔwɔ dzi madzudzɔea? Mènyae be veve helihelĩ koe ava xɔ mía me ɖe mía nɔewo ŋu emegbe oa? Nɔviwo míenyee! Ɣe ka ɣi nàna be wò amewo adzudzɔ mía yometiti?” 27Yoab ɖo eŋu be: “Metà Mawu gbagbe la. Ɖe menye wòe ƒo nu o la, anye ne nye amewo anɔ mia yome tim ʋuu va se ɖe etsɔ ŋdi.” 28Tete Yoab ku kpẽ na eƒe ameawo be woadzudzɔ Israelviwo yometiti. Ale avua ke le wo dome.
29Abner kple eƒe amewo zɔ to Yordan-bali la me zã blibo la. Wotso Yordan-tɔsisi la, eye woto ʋe la me va Maxanaim. 30Esi Yoab dzudzɔ Abner yometiti la, eƒo eƒe ameawo katã nu ƒu eye wòkpɔ be ame wui asieke meli o, hekpe ɖe Asahel ŋu. 31David ƒe amewo wù ame alafa etɔ̃ bla ade le Abner ƒe amewo dome tso Benyamin-to la me. 32Azɔ la, Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi ɖaɖi ɖe tɔ́a ƒe ameɖiƒe le Betlehem. Emegbe wozɔ zã blibo la va ɖo Xebron le fɔŋli me.

Currently Selected:

Samuel II 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in