YouVersion Logo
Search Icon

Korintotɔwo II, 11

11
Paulo tsi tre ɖe alakpamedɔdɔwo ŋu
1Taflatsɛ, mele movinu aɖe wɔ ge. Mise egɔme nam. Migabui vɔ̃e nam fũu o. 2Mele ŋu ʋãm, abe ale si Mawu ʋãa ŋui la ene ɖe mia ta. Metsɔ mi abe ɖetugbi dzadzɛ, si mede ŋutsu gbɔ kpɔ o la ene na Kristo be wòaɖe, eye be eya ɖeka ko nanye mia srɔ̃ŋutsu. 3#Mos I, 3.1-5, 13. Ke mele vɔvɔ̃m be abe ale si da tsɔ aye ble Eva ene la, wole susu tɔtɔ ge na miawo hã, ale be miagate ŋu ato nyateƒe na Kristo asubɔe kple dzi dzadzɛ o. 4Ne ame aɖe va ɖe gbeƒã Yesu bubu, si to vovo tso esi míeɖe gbeƒãe na mi la gbɔ, alo miexɔ gbɔgbɔ bubu, si to vovo tso esi miexɔ tsã la gbɔ, alo miexɔ nyanyui aɖe, si to vovo tso esi miexɔ la gbɔ la, ekema miedze agbagba do dzi xɔe kaba akpa! 5Nyemebu be amedɔdɔ deŋgɔ mawo nyo wum le go aɖeke me kura o. 6Ne nyemete ŋu ƒoa nu nyuie o hã la, menya nu tso nu geɖe ŋu ya nyuie. Le nyateƒe me la, míena esia me kɔ na mi ƒãa le nu sia nu me le go sia go me.
7Esi meɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyanyui la na mi la, nyemexɔ naneke le mia si o. Mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi boŋ be woado miawo ɖe dzi. Esia nye nuvɔ̃ mewɔa? 8Mewɔ nu siwo mexɔ tso hame bubuwo gbɔ la ŋudɔ tsɔ kpe ɖe mia ŋui. Woate ŋu agblɔ be mefi wo tsɔ vɛ na mi. 9#Fil 4.15-18. Esi menɔ mia dome, eye hiã tum la, nyemeɖe fu na ame aɖeke o. Nɔvi siwo tso Makedonia va lae di nu siwo hiãm la nam. Ale megbe nyemeɖe fu na ame aɖeke le naneke me o, eye nyemawɔe hã o. 10Zi ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ko la, naneke mate ŋu axe mɔ nam, ale be nyematsɔ esia aƒo adegbee le Axaya-nutoawo me o. 11Nu ka tae? Be nyemelɔ̃ mi o taa? Mawu nya be melɔ̃ mi.
12Ke nu si wɔm mele la, mayi edzi, ale be maɖe kè le ame siwo gblɔna dàdatɔe be ale si yewowɔa dɔe la sɔ kple mía tɔ la te. 13Amedɔdɔ alakpatɔwoe nye ame siawo, dɔwɔla ameblelawoe. Wowɔ wo ɖokui abe Kristo ƒe amedɔdɔwoe wonye ene. 14Ẽ, mewɔ nuku o, elabe Satana ŋutɔ gɔ̃ hã trɔa eɖokui abe kekeli ƒe mawudɔla ene. 15Ale mewɔ mo yaa kura be eƒe dɔlawo hã natrɔ wo ɖokui abe dɔla siwo wɔa nu dzɔdzɔe la ene o. Woƒe nuwuwu asɔ kple woƒe nuwɔnawo.
Fu siwo Paulo kpe abe amedɔdɔ ene
16Megale egblɔm ake be ame aɖeke megabu be movitɔe menye o. Evɔ ne miegabum nenema hã la, ekema mixɔm abe movitɔ ene, ale be nye hã mate ŋu aƒo adegbe vi aɖe. 17Le nyateƒe me la, nya si gblɔm mele la, menye Aƒetɔ lae na ŋusẽm be magblɔe o, ke mele egblɔm abe ale si dzi ɖoa movitɔ ƒo, wòƒoa adegbee la ene. 18Esi wònye xexemenuwoe ame geɖewo tsɔna ƒoa adegbee ta la, nye hã matsɔ wo aƒoe. 19Esi wònye nunyalawo mienye ta la, miegbɔa dzi blewuu hesea nya me na movitɔwo. 20Ne ame aɖe tsɔ mi wɔ kluvii, alo wɔ nu vevi mi, alo ba mi, alo amea mekpɔ mi ɖe naneke me o la, ɖeko miegbɔa dzi ɖi nɛ. 21Enye ŋukpe nam be malɔ̃ ɖe edzi be míegbɔdzɔ nenema gbegbe.
Ke nu sia nu si ame aɖe do dzi be yeatsɔ aƒo adegbee la, (mele esia gblɔm abe movitɔ ene) nye hã mado dzi atsɔe aƒoe. 22Ame siawo ɖe, Hebritɔwo wonye loo? Nye hã Hebritɔ menye. Israelviwo wonye loo? Nye hã Israelvi menye. Abraham tɔgbuiyɔviwo wonye loo? Nye hã Abraham tɔgbuiyɔvi menye. 23#Dɔw 16.23. Kristo ƒe dɔlawo wonye loo? Menye Kristo ƒe dɔla nyui wu wo. (Mele nu ƒom abe ame si ƒe tagbɔ da la ene.) Mewɔ dɔ sesĩe wu wo. Wodem gaxɔ me zi geɖe wu wo. Zi ale si woƒom la, mele xexlẽ me o, eye enuenu la, meɖoa kudo nu gɔ̃. 24#Mos V, 25.3. Zigbɔzi atɔ̃ sɔŋ Yudatɔwo ƒom, ati bla etɔ̃ vɔ asieke. 25#Dɔw 16.22; Dɔw 14.19. Romatɔwo ƒom kple woƒe ameƒoti zigbɔzi etɔ̃. Woƒu kpem zi ɖeka. Meɖo tɔdziʋu zigbɔzi etɔ̃ wògbã; zã blibo kple ŋkeke blibo metsi ƒu dzi. 26#Dɔw 9.23; Dɔw 14.5. Enuenu ne mele mɔ zɔm la, tɔ dea lénye ge; meɖoa ŋɔdzi me le adzodalawo, mía de Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si me. Meɖoa ŋɔdzi me le du me, gbedadaƒo kple ƒu dzi siaa. Nenema ke meɖoa ŋɔdzi me le nɔvi alakpatɔwo hã si me. 27Meku kutri wɔ dɔ sesĩe; metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Enuenu nuɖuɖu menɔa asinye o; dɔ kple tsikɔ wuam. Vuvɔ wɔam, eye nyemekpɔa teƒe aɖeke nɔna, alo kpɔa naneke dona o. 28Nyemedi be maƒo nu le nu bubuwo ya ŋu o. Ke metsia dzodzodzoe gbe sia gbe elabe hameawo ƒe nyawo te ɖe dzinye. 29Ne ame aɖe gbɔdzɔ la, nyee gbɔdzɔ wu. Ne wokplɔ ame aɖe de nuvɔ̃ me la, dziku wònyena nam.
30Ne mebe maƒo adegbe la, nu siwo me megbɔdzɔ le la woe matsɔ aƒo adegbee. 31Mawu si nye Aƒetɔ Yesu Tɔ́, ame si wokafuna tso mavɔ me yi mavɔ me la, nya be nyemele aʋatso kam o. 32#Dɔw 9.23-25. Le Damasko la, mɔ́mefia si le dua me ɖe Fia Areta teƒe la, na dzɔlawo nɔ dua ŋu dzɔm be woalém. 33Ke amewo tsɔm de kusi me, ɖiɖim ɖe anyi to fesre nu le dua ƒe gli ŋu, eye mesí dzo le egbɔ.

Currently Selected:

Korintotɔwo II, 11: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in