YouVersion Logo
Search Icon

Yohanes 1

1
Nya mavɔ la trɔ zu ŋutilã.
1Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. 2Eya kple Mawue li le gɔmedzedzea me. 3Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o. 4Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la. 5Eye kekeli la klẽna le viviti me, eye viviti la mexɔe o. 6Amea ɖe va dzo, si Mawu do, eŋkɔe nye Yohanes. 7Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi. 8Menye eyae nye kekeli la o, ke boŋ bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti. 9Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me. 10Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o. 11Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. 12Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, 13amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso. 14Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ. 15Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli. 16Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi. 17Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi. 18Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.
Yohanes ɖi ɖase le Yesu ŋu le nunɔlagãwo kple Lewitɔwo ŋku me.
19Eye esia nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi, esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo ɖa tso Yerusalem, bena woabiae bena: Ameka nenyea? 20Eye woʋu me, eye mese nu o, eye wòʋu me bena: Menye nyee nye Kristo la o. 21Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nenyea? Egblɔ bena: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O. 22Eye wogblɔ nɛ bena: Ameka gã nènye? Bena miana ŋuɖoɖo amesiwo dɔ mi ɖa. Nuka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu? 23Egblɔ bena: Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe menye: „Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo“ abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene. 24Eye ame dodowo tso farisitɔwo gbɔ. 25Eye wobiae gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle mawutsi dem ta na amewo, esi menye Kristo alo Eliya alo nyagblɔɖila nènye o mahã? 26Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la mele mawutsi ɖem ta na amewo kple tsi; amesi mienya o la, le tsitre le mia titina, 27amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o. 28Nusiawo va ve me le Betania le Yordan godo, afisi Yohanes le mawutsi dem ta na amewo le.
Yohanes ƒe ɖase evelia ɖiɖi le Yesu ŋu.
29Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si! 30Nenem me sia enye amesi ŋuti megblɔ le be: Ŋutsua ele le megbenye gbɔna, si tre vava nam, elabena eli, hafi meli. 31Eye nyemenyae o, ke boŋ bena wòaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le mawutsi dem ta na amewo ɖe tsi me. 32Eye Yohanes ɖi ɖase gblɔ bena: Mekpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi. 33Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la. 34Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawuvi la.
Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo.
35Esi ŋu gake la, Yohanes gatsi tre kple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame eve, 36eye esi wòkpɔ Yesu, si le tsa ɖim, dzi dũ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem. 37Eye nusrɔ̃la eveawo se eƒe nuƒoƒo, eye wodze Yesu yome. 38Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome dzem la, egblɔ na wo bena: Nuka ɖim miele? Eye wogblɔ nɛ bena: Rabi (si gɔmee nye nufiala), afika nenɔna? 39Egblɔ na wo bena: Miva kpɔe. Eye wova, eye wokpɔ afisi wònɔna; eye wonɔ anyi kplii le ŋkeke ma dzi, anɔ gaƒoƒo ewolia dzi. 40Eye ame eveawo dometɔ ɖeka, si se Yohanes ƒe nuƒoƒo, eye wòdze Yesu yome la, enye Andrea, Simon Petro nɔvi. 41Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo). 42Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).
43Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme. 44Ke Filipo tso Betsaida, Andrea kple Petro ƒe du. 45Filipo kpɔ Natanael, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Yesu. Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me. 46Natanael gblɔ nɛ bena: Ɖe nu nyuia ɖe ate ŋu atso Nazaret mahã? Filipo gblɔ nɛ bena: Va kpo. 47Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o. 48Natanael gblɔ ne bena: Afika nènyam le? Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Hafi Filipo yɔ wò, esime nèle gbotia te la, mekpɔ wò tso. 49Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia. 50Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Esi megblɔ na wò bena, mekpɔ wò le gbotia te la, èxɔe se mahã? Nu gãwo wu esiawo kpo ge nala. 51Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.

Currently Selected:

Yohanes 1: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy