YouVersion Logo
Search Icon

Hosea 7

7
Konyifafa le Israel ŋuti.
1Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi. 2Womegblɔ le woƒe dzi me kpɔ be, yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kala le ŋku dzi nam o. 3Azɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖe to ɖe wo, eye wotsɔ woƒe alakpadada do dzidzɔ na amegãwo 4Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã. 5Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyuie dzi la amegãwo tsɔã wein ƒe dzoʋuʋu dea dɔ lã me na wo ɖokui; ebɔa ha kple fewuɖulawo. 6Elabena woƒe dzi le bibim abe kpo ene le woƒe ayedzedze me; woƒe aboloƒola dɔ alɔ̃ le zã blibo la me, eye wòbi le ŋdi flaflafla. 7Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.
Gbeƒãɖeɖe tohehe la.
8Efrayim tsaka kple dukɔwo: Efrayim le abe abolo, si woƒo de afi dzi, eye wometrɔe o la ene. 9Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o. 10Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o. 11Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur. 12Ne wonya yi ko la, mada asabu de wo dzi, maɖidi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene, eye mahe to na wo, abe alesi wotoe na woƒe amehawo ene. 13Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye. 14Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme. 15Nyee fia nu wo, eye mede ŋusẽ woƒe alɔwo, ke woɖo ta me vɔ ɖe ŋunye. 16Wotrɔ, ke menye ɖo ta dziƒo o, eye wole abe dati doagblɔ ene; woƒe amegãwo atsi yi nu le woƒe aɖe ƒe nyanyrã la; esia woatsɔ aɖe alɔmee le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.

Currently Selected:

Hosea 7: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in