YouVersion Logo
Search Icon

Hosea 4

4
Nyahehe ɖe Israel ŋu le eƒe nuvɔ̃ ta.
1Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya, Yehowa le dzre hem kple, anyigbadzitɔwo, elabena nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o. 2Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu. 3Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã. 4Ɖeko amea ɖeke megawɔ dzre, eye wòaku mo na ame o, elabena wo dukɔ la le abe amesiwo nɔa dzre wɔm; kple nunɔlawo la ene. 5Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò.
6Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be. 7Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe. 8Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu. 9Ava me na nunɔla abe dukɔ la ene; mahe to nɛ le eƒe zɔzɔme ta, eye maɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ. 10Ne woɖu nu la, maɖi ƒo na wo o, eye ne wowɔ ahasi la, womadzi ɖe edzi o, elabena wodzudzɔ ŋkuléle ɖe Yehowa ŋu. 11Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame. 12Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome. 13Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi. 14Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi.
Woxlɔ̃ nu Yuda bena, eva hã nagawɔ nuvɔ̃ o.
15Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o! 16Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeagbo ene; azɔ Yehowa anyii abe alẽvi ene le leƒe gbaoo. 17Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu! 18Ne wono aha tsu vɔ la, wowɔa ahasi; woƒe amegawo lɔ̃a ŋukpenanuwɔwɔ. 19Ya bla wo kɔtɔɔ, eye ŋukpe lé wo de woƒe vɔsawo ŋu.

Currently Selected:

Hosea 4: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in