YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 37

37
Yosef fe drɔ̃ewo.
1Ke Yakob nɔ anyigba, si dzi fofoa nye amedzro le la dzi, si enye Kanaan-nyigba la. 2Esia nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wuiadre la, enɔa alẽwo kplɔm kple tɔviawo, siwo nye fofoa srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo, eye ne wowɔ nu vloea ɖe wose la, Yosef va gblɔnɛ na fotoa. 3Eye Israel lɔ̃ Yosef wu viaŋutsu bubuawo katã, elabena edzii le eƒe amegãkuku me, eye wòtɔ awu ʋlaya nɛ. 4Ke esi nɔviawo kpɔ bena, wo fofo lɔ̃nɛ wu wo katã la, wolée ɖe fu me, eye womegaƒoa nu nɛ nyuie o. 5Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo; tso ekema dzi la wogale fui ɖe dzi. 6Egblɔ na wo bena: Miɖo to, ne miase drɔ̃e, si meku! 7Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ. 8Tete nɔviawo gblɔ nɛ bena: Ɖe nèle didim be, naɖu fia ɖe mía nu, eye naɖu mía dzia? Tso ekema dzi wogalé fui ɖe dzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta. 9Gbe ɖeka egaku drɔ̃e bubu, eye woli eya hã na nɔviawo bena: Megaku drɔ̃e be, ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam. 10Eye esi wòlii na fofoa kple nɔviawo la, fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mia kple dawo kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã? 11Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.
Woƒle Yosef yi ɖe Egipte.
12Gbe ɖeka esi nɔviawo yi wo fofo ƒe alẽwo kplɔ ge le Sixem la, 13Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si! 14Eye wògblɔ ne bena: Yi ɖakpɔ bena, nɔviwòwo kple lãhawo li sesĩe mahã? Emegbe la nava gblɔe nam. Ale wòdɔe tso Xebron-bali me, eye wòva Sixem. 15Ke esi wòtra mɔ le gbedzi la, ŋutsua ɖe kpɔe, eye wòbiae bena: Nuka dim nèle? 16Eɖo ŋu bena: Nɔvinyewo dim mele: mede kuku, gblɔ afisi wole woƒe lãhawo nyim le la nam. 17Ŋutsu la gblɔ bena: Mese wogblɔ bena: Mina míaʋu le afisia ayi Dotan! Tete Yosef li nɔviawo, eye wòva tu wo le Dotan. 18Ke esi wokpɔe le adzɔge, eye mekpɔ ɖo wo gbɔ haɖe o la, wode adaŋu le eŋu be, yewoawui le aye me. 19Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mikpɔ drɔ̃ekula enye kem gbɔna ɖa! 20Mina miawui, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe ɖoa ɖe me, eye míagblɔ bena, lã wodaa ɖe vuvui, ekema miakpɔ nusi eƒe drɔ̃e la ava zu. 21Esi Ruben see la, exɔ nya ɖe enu gblɔ bena: Gbeɖe, migana miawui o! 22Tete Ruben gblɔ na wo bena: Migakɔ ʋua ɖeke ɖi o: ke boŋ mitsɔe de do kema, si le gbedzi la me, eye migade asi eŋu o! Elabena ele didim be, yeaxɔe le wo si, eye yeaɖoe ɖe fofoa. 23Esi Yosef va nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu le eŋu, eƒe awu ʋlaya, si wòɖo. 24Eye wolée tsɔe ƒu gbe ɖe do la me; ke doa le ƒuƒlu, eye tsia ɖeke mele eme o. 25Emegbe wobɔbɔ na anyi, be yewoaɖu nu, kasiaa wokpɔ Ismael-sihawo tso Gilead gbɔna heyina ɖe Egipte, eye woƒe kposɔwo tsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo. 26Tete Yuda golɔ na nɔviawo bena: Viɖe ka wònye na mi, ne míefi mía nɔvi wu? 27Mina míatsɔe adzra na Ismaeltɔwo, ke mígade asi eŋu o, elabena mía nɔvi kpamkpam wònye. Eye nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi. 28Ke Midian-sitsalawo va to wo ŋuti yi, eye woɖe Yosef le do la me hetsɔ dzra na Ismaeltɔwo klosalo blave, eye wokplɔ Yosef yi Egipte. 29Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu, 30eye esi wògatrɔ va nɔviawo gbɔ la, egblɔ bena: Ɖevia megali o; azɔ afika nye la mayi?
Yakob fa konyi le Yosef ŋuti.
31Emegbe la wowu gbɔ̃tsua ɖe, eye wotso Yosef ƒe awu la nyrɔ ɖe ʋua me. 32Eye wotso awu ʋlaya la ɖo ɖe wo fofo gblɔ bena: Nusia míefɔ, le ŋku ɖe ŋu nyuie, be viwò ƒe awue loo, alo menye eyae o! 33Esi wòɖe ŋku ɖee nyuie la, edo ɣli bena: Vinye ƒe awu enye esia; lã wodaa ɖe vuvui, oo, evuvu Yosef vavã! 34Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo. 35Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ. 36Ke Midiantɔwo ɖadzrae ɖe Egipte na Potifar, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋuti mewo ƒe amegã.

Currently Selected:

Mose I 37: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy