YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 36

36
Esau ƒe dzidzimegbalẽ.
1Esia enye Esau, si enye Edom, ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. 2Esau ɖe Kanaan-nyɔnuwo, woawo nye Ada, Xititɔ Elon ƒe vinyɔnu, Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu, amesi enye Xititɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi; 3kple Basmat, Ismael ƒe vinyɔnu, si enye Nebayot ƒe nɔvinyɔnu. 4Ada dzi Elifaz na Esau, eye Basmat dzi Reguel. 5Eye Oholibama dzi Yehus, Yaelem kple Korax. Esiawo nye viŋutsu, siwo wodzi na Esau le Kanaan-nyigba dzi. 6Eye Esau kplu srɔ̃awo, viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo kple eƒe kluvi, siwo katã le eƒe me, kple eƒe lãhawo kple eƒe dɔwɔlãwo katã kpe ɖe eƒe kesinɔnu, siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la ŋuti, eye woʋu le nɔvia Yakob gbɔ heyi ɖe Seir-nyigba dzi. 7Elabena woƒe kesinɔnuwo so gbɔ akpa, ale bena womate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o; eye anyigba, si dzi wonye amedzro le la, mede wo nu o, le woƒe lãhawo ta. 8Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.
9Esia enye Esau, Edomtɔ, siwo le Seir-to dzi la, fofo ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. 10Esiawo nye Esau viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo Esau srɔ̃ Ada viŋutsu enye Elifaz, eye Esau srɔ̃ Basmat viŋutsu enye Reguel. 11Elifaz viŋutsuwo nye Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenas. 12Eye Esau viŋutsu Elifas srɔ̃ evelia ŋkɔ enye Timna, eya dzi Amalek na Elifaz. Esiawo nye Esau srɔ̃ Ada ƒe viŋutsuwo. 13Reguel viŋutsuwo nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. Woawo nye Esau srɔ̃ Basmat ƒe viŋutsuwo 14Esiawo nye Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu, si enye Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi ƒe viŋutsuwo, eya dzi Yehus, Yaelam kple Korax na Esau.
15Ame siawo nye amegãwo le Esau viwo dome. Esau ƒe ŋgɔgbevi Elifaz viwo nye, amegã Teman, amegã Omar, amegã Zefo, amegã Kenas, 16amegã Korax, amegã Gaetan kple amegã Amalek. Amegã siawo dzɔ tso Elifaz me le Edom-nyigba dzi. Woawo nye Ada viwo. 17Esiawo nye Esau vi Reguel ƒe viŋutsuwo: Amegã Naxat, amegã Serax, amegã Sama kple amegã Misa. Woawo nye amegã, siwo dzɔ tso Reguel me le Edom-nyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basmat ƒe viwo. 18Esiawo nye Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viwo. Amegã Yehus, amegã Yaelam kple amegã Korax. Amegã siawo dzo tso Esau srɔ̃ Oholibama, si enye Ana ƒe vinyɔnu la me. 19Esiawo nye Esau ƒe viŋutsuwo, eye woawo nye woƒe amegãwo Eya nye Edom.
20Esiawo nye Xoritɔ Seir, amesi nɔ anyigba la dzi tsã la, ƒe viŋutsuwo Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, 21Dison, Ezer kple Disan. Woawo nye amegãwo le Xoritɔ Seir, amesi nɔ Edom-nyigba dzi la, ƒe viwo dome. 22Lotan ƒe viŋutsuwo nye: Xori kple Hemam; eye Lotan nɔvinyɔnu enye Timna. 23Esiawo nye Sobal ƒe viŋutsuwo: Alwan, Manaxat, Ebal, Sefo kple Onam. 24Esiawo nye Zibeon ƒe viŋutsuwo: Aya kple Ana; eya nye Ana ma, si tɔ tsi dzodzoe vudo le gbedzi, esime wòle fofoa Zibeon ƒe tedziwo kplɔm la. 25Esiawo nye Ana ƒe viwo: Dison kple Ana ƒe vinyɔnu Oholibama. 26Esiawo nye Dison ƒe viŋutsuwo: Xemdan, Esban, Yitran kple Keran. 27Ezer viŋutsuwo nye Bilhan, Sawan kple Akan. 28Disan viŋutsuwo nye: Uz kple Aran. 29Esiawo nye Xoritɔwo ƒe amegãwo: Amegã Lotan, amegã Sobal, amegã Zibeon, amegã Ana, 30amegã Dison, amegã Ezer kple amegã Disan. Esiawo nye Xoritɔwo ƒe amegãwo le Seir-nyigba la dzi le woƒe duawo nu.
31Esiawo nye fia, siwo ɖu Edom-nyigba dzi, hafi fia va ɖo Israel-viwo si. 32Beor vi Bela ɖu fia le Edom, eye eƒe fiadu enye Dinhaba. 33Esi Bela ku la, Serax vi Yobab tso Bozra ɖu fia ɖe eteƒe. 34Eye esi Yobab ku la, Xusam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe. 35Esi Xusam ku la, Bedad vi Hadad ɖu fia ɖe eteƒe; eya nye amesi ɖu Midiantɔwo dzi le Moab ƒe gbadzaƒe, eye eƒe fiadu enye Awit. 36Eye esi Hadad ku la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe. 37Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot, si le tɔsisia nu, ɖu fia ɖe eteƒe. 38Eye esi Saul ku la, Axbor vi Baal-Xanan ɖu fia ɖe eteƒe. 39Esi Baal-Xanan, Axbor vi ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe; eƒe fiadu enye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔ enye Mehetabeel. Matred ƒe vinyɔnu kple Mesahab ƒe tɔgbuiyɔvi.
40Esiawo nye amegã, siwo dzɔ tso Esau me la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo, nɔƒewo kple ŋkɔwo nu. Amegã Timna, amegã Alwa, amegã Yetet, 41amegã Oholibama, amegã Ela, amegã Pinon, 42amegã Kenas, amegã Teman, amegã Mibzar, 43amegã Magdiel kple amegã Iram. Esiawo nye Edom-megãwo le woƒe nɔƒewo kple woawo ŋutɔwo ƒe anyigbawonu. Eya nye Esau, amesi nye Edomtɔwo ƒe fofo.

Currently Selected:

Mose I 36: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy