YouVersion Logo
Search Icon

Xezekiel 30

30
Nebukadnezar aŋe Egipte ƒe ŋusẽ nu, eye Mawu ado ŋusẽ Nebukadnezar.
1Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2Amevi, gblɔ nya ɖi gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mixa nu be: Baba na ŋkeke la! 3Elabena ŋkeke la gogo, Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, blukɔdogbe anye dukɔwo ƒe azã la. 4Yi age ɖe Egipte, eye ŋɔdzi alé Kus, nenye be, amewo tsi aʋa le Egipte, wolɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe, eye wogbã eƒe agunuwo. 5Kus, Put, Lud kple dukɔ tsakatsakawo katã, Lub kple dzoɖuxɔlɔ̃wo ƒe viwo atsi yi nu akpe ɖe wo ŋu.
6Ale Yehowa gblɔ esi; Egipte ƒe ziɔɖeŋu amũ, eye eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo ayi to; woatsi yi nu tso Migdol vaseɖe Siene, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 7Woatsi gbegbe le anyigba, siwo wogblẽ la dome, eye eƒe duwo anɔ du gbagbãwo dome. 8Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne medo dzo ɖe Egipte, eye megbã eƒe xɔnametɔwo katã nyanyanya. 9Gbemagbe la ame dɔdɔwo atso gbɔnye aɖo ʋuwo, ne woaɖado vɔ̃ɖi na Kus, si li bɔkɔɔ la, eye ŋɔdzi alé wo le Egipte ƒe ŋkeke la ta; elabena kpɔ ɖa, ele vava ge.
10Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi Egipte ƒe hoowɔwɔ nu to Babel-fia Nebukadnezar dzi. 11Woakplɔ eya kple eƒe dukɔ, si nye dukɔ sẽŋuta la vɛ, ne woagblẽ anyigba la, woadi woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye woatsɔ ame tsiaʋawo ayɔ anyigba dzi fũ. 12Mana tɔsisiwo naƒu kplakplakpla; matsɔ anyigba la adzra na ame vɔ̃ɖiwo, eye mana ame tutɔwo nagblẽ anyigba la kple edzi nuwo. Nye Yehowa ye ƒo nu!
13Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsrɔ̃ legbawo, eye mana trɔ̃wo nu natso le Nof, amegãa ɖeke maganɔ Egipte-nyigba nu azɔ o, eye makaka ŋɔdzi ɖe Egipte-nyigba dzi. 14Matsrɔ̃ Patros, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na No; 15matrɔ nye dziku akɔ ɖe Sin, si nye Egipte ƒe mɔ̃ sesẽ la dzi, eye matsi hoowɔwɔ nu le No. 16Matɔ dzo Egipte: Sin alé ku ŋɔdzitɔe, woagbã No, eye woaxaxa Nof ɖo le ŋdɔkutsu dzatsɛ. 17On kple Pibeset ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye nyɔnuwo ayi aboyo me. 18Ŋkeke ado viviti le Taxpanxes, ne meŋe Egipte ƒe atikplɔ, eye mena eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo nu tso; blukɔ atsyɔ eya ŋutɔ, eye woade aboyo eƒe duwo. 19Eye mahe to na Egipte, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
20Le ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena: 21Amevi, meŋe alɔ na Egipte-fia Farao, womablae, ne wòahaya o, eye womablae, ne ŋusẽ naɖo eŋu, ne wòalé yi o. 22Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe Egipte-fia Farao dzi, eye míaŋe eƒe alɔwo, nyuitɔ kple ŋeŋea, eye mana yi nage le esi. 23Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi. 24Maɖo ŋusẽ Babel-fia ƒe alo, eye matso nye yi ade asi nɛ; maŋe Farao ƒe alo, eye wòano ŋeŋem le eƒe ŋku me, abe alesi ame tsiaʋa ŋenae ene. 25Mado ŋusẽ Babel-fia ƒe alɔ, ke Farao ƒe alɔ aɖiɖi ɖe anyi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babel-fia, be wòado ɖe Egipte-nyigba dzi. 26Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.

Currently Selected:

Xezekiel 30: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in