YouVersion Logo
Search Icon

Zekaria 2

2
Ŋutsu si lé dzidzeka ɖe asi
1Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi. 2Mebiae be, “Afi ka yim nèle?”
Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.”
3Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee. 4Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o. 5Nye ŋutɔ manye dzo bibi ƒe gli aƒo xlã wo, eye manye eƒe ŋutikɔkɔe.” Yehowae gblɔe.
6“ ‘Miva! Miva! Misi tso anyiehenyigba dzi,’ Yehowae gblɔe, elabena mekaka mi de dziƒowo ƒe ya eneawo katã dzi!” Yehowae gblɔe.
7“Va, O Zion! Si, wò ame si li kple Babilon vinyɔnu!” 8Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti. 9Nye la, makɔ nye asi dzi ɖe wo ŋuti kokoko, ale woƒe kluviwo aha wo. Ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm.
10“O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme.” Yehowae gblɔe. 11“Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. 12Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem. 13Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”

Currently Selected:

Zekaria 2: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in