YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 8:16-17

Romatɔwo 8:16-17 AL

Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.