YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 11:17-18

Romatɔwo 11:17-18 AL

Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ. Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.

Free Reading Plans and Devotionals related to Romatɔwo 11:17-18