4 Mose 16:1-2
4 Mose 16:1-2 AL
Gbe ɖeka la, Korah, Izhar ƒe viŋutsu kple Kohat ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si nye Levi ƒe dzidzimevi la wɔ ɖoɖo kple Datan kple Abiram, ame siwo nye Eliab ƒe viŋutsuwo kple On, Pelet ƒe viŋutsu. Ame etɔ̃ siawo katã tso Ruben ƒe to la me. Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo.





