YouVersion Logo
Search Icon

Nahum Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Nahum ƒe agbalẽ la nye nyagblɔɖi tso Ninive, Asiria ƒe fiadu ƒe gbagbã ŋuti. Asiriatɔwo gbã Samaria ƒe alafa adre blaeve-vɔ-eve do ŋgɔ na Yesu dzidzi, eye le woƒe dada kple ŋutasesẽ ta la, wogbã Asiria hã ƒe alafa ade kple wuieve do ŋgɔ na Yesu ƒe dzidzi. Nahum ƒo nu tso nu si ta wogbã Ninive ɖo la ŋu. Nu siawoe nye trɔ̃subɔsubɔ, ŋutasesẽ, amewuwu, aʋatsokaka, nu madzɔmadzɔwo wɔwɔ kple aʋatsonyawo dzixɔse. Enye du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi (3:1), eye Mawu mate ŋu aɖe mɔ du ma tɔgbi nanɔ anyi o.
Emenyawo
Hadzidzi tso Mawu ƒe ŋusẽ kple eƒe amewo ɖeɖe ŋu (1:1-15)
Woɖe to ɖe Ninive, du si tea amewo ɖe anyi la eye wogbãe (2:1-13)
Nu si ta wogbã Ninive ɖo (3:1-19)

Currently Selected:

Nahum Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in