YouVersion Logo
Search Icon

Yosua 16

16
Teƒe si wona Efraim kple Manase
1Yosef ƒe vi siawo, ame siwo nye Efraim kple Manase ƒe viwo la, ƒe anyigba dze egɔme tso Yɔdan tɔsisi la ŋu le Yeriko, to gbegbe la va yi tonyigba la dzi le Betel, 2to afi ma yi Luz kple Atarɔt 3le Arkitɔwo ƒe anyigba dzi, ɖo ta ɣetoɖoƒe, yi Yafletitɔwo ƒe liƒo dzi, yi keke Bet Horon le gbadzaƒe, to Gezer heyi ɖatɔ Domeƒu la.
4Esiae nye anyigba si Yosef ƒe viwo, Manase kple Efraim woxɔ.
5Esiae nye Efraim ƒe viwo ƒe anyigba le woƒe ƒome nu.
Efraim ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo tso Atarot Ada ɖo ta ɣedzeƒe heyi Bet Horon le toawo dzi, 6eye wòtso afi ma yi Domeƒu la ŋu. Mixmetat nɔ eƒe anyiehe lɔƒo. Liƒo la bi ɖo ta ɣedzeƒe; edze le Taanat Silo ŋu le Yanoa ƒe ɣedzeƒe 7hetrɔ yi anyigbeme, yi Atarɔt kple Naara, ɖatɔ Yeriko, eye wòwu nu ɖe Yɔdan tɔsisi la nu. 8Eƒe ɣedzeƒeliƒo ƒe afã le dzigbeme gome tso Tapua, to Kana tɔʋu la ŋu yi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Efraimviwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.
9Wotsɔ du aɖewo tso Manase to la ƒe afã ƒe anyigba dzi hã na Efraim ƒe viwo.
10Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene.

Currently Selected:

Yosua 16: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in