YouVersion Logo
Search Icon

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17

17
Mika ƒe legbawo
1Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika.
2Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.”
Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.” 3Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu atsɔ na Aƒetɔ la ɖe tawò. Mana woawɔ aklamakpakpɛ aɖe na wò eye woafa klosalo ɖe eŋu.”
4Dadaa tsɔ klosalo alafa eve (200) na klosaloɖaŋuwɔla aɖe wòwɔ aklamakpakpɛ aɖe da ɖe Mika ƒe aƒe me. 5Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae. 6Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o eya ta ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu.
7Ɖekakpui aɖe si nye Levitɔ la nɔ Betlehem le Yuda, 8edzo le Betlehem be yeadi teƒe bubu aɖe anɔ. Le eƒe mɔzɔzɔ me la, eva ɖo Mika ƒe aƒe me le Efraim ƒe tonyigba dzi.
9Mika biae be, “Afi ka nètso?”
Amedzro la ɖo eŋu be, “Levitɔe menye metso Betlehem le Yuda, mele teƒe nyui aɖe dim manɔ.”
10Mika gblɔ nɛ be, “Nɔ gbɔnye eye nànye fofo kple nunɔla nam. Mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe wò nudodo, nuɖuɖu kple dɔƒe ŋu.” Levitɔ la lɔ̃ eye wòtsi anyi. 11Enɔ na Mika abe via ŋutsuwo dometɔ ɖeka ene. 12Mika kɔ ɖekakpui la ŋu eye wòzu nunɔla nɛ. 13Mika gblɔ be, “Menyae be Yehowa ayram azɔ elabena Levitɔ aɖee nye nunɔla le nye aƒe me.”

Currently Selected:

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in