YouVersion Logo
Search Icon

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12

12
1Efraim ƒe viwo ƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu ɖe Zafɔn eye woɖo du ɖe Yefta be, “Nu ka ta mèyɔ mí be míakpe ɖe ŋuwò esi nèwɔ aʋa kple Amonitɔwo o? Míele dzo tɔ ge wò aƒe ɖe dziwò!”
2Yefta ɖo eŋu be, “Meyɔ mi gake miegbe vava, esi míeɖo xaxa me la, miegbe miekpe ɖe mía ŋu o. 3Metsɔ nye agbe ke; míawo ɖeɖe míewɔ aʋa la eye Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu futɔ la dzi. Ɖe wòhiã be miawɔ aʋa kpli mí le nu sia ta?”
4Yefta yɔ Gilead ŋutsuwo ƒo ƒu eye woyi ɖawɔ aʋa kple Efraimtɔwo. Gileadtɔwo wu wo elabena Efraimtɔwo gblɔ be, “Mi Gileadtɔwo la, mienye ame dzeaglãwo le Efraim kple Manase me.” 5Gileadtɔwo xɔ Yɔdan tɔtsoƒe siwo ge ɖe Efraimnyigba dzi eye ne ame siwo tsi agbe le Efraimtɔwo dome gblɔ be, “Na matso tɔ la” la, ekema Gilead ŋutsuwo abiae be, “Efraimtɔe nènyea?” Ne eɖo eŋu be, “Ao” la, 6wogblɔna nɛ be, “Enyo, gblɔ be, ‘Tsibolet.’ ” Ekema ne amea gblɔ be, “Siblet” elabena mate ŋu ayɔ nya Tsibolet nyuie o la, wolénɛ wunɛ le Yɔdan ƒe tɔtsoƒe la. Wowu Efraimtɔ akpe blaene-vɔ-eve le ɣe ma ɣi me.
7Yefta nye Israelviwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe ade. Esi Yefta, Gileadtɔ la ku la, woɖii ɖe Gilead duwo dometɔ ɖeka me.
Ibzan, Elɔn kple Abdon zu ʋɔnudrɔ̃lawo
8Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Yefta ɖo lae nye Ibzan, ame si nɔ Betlehem hedrɔ̃ ʋɔnu na Israel. 9Viŋutsu blaetɔ̃ kple vinyɔnu blaetɔ̃ nɔ esi. Etsɔ via nyɔnuwo na amedzroŋutsuwo woɖe eye wòkplɔ ɖetugbiwo tso dzronyigbawo dzi vɛ na via ŋutsuwo woɖe. Ibzan nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe adre 10eye esi Ibzan la, woɖii ɖe Betlehem.
11Le Ibzan yome la, Elon Zebulontɔ zu ʋɔnudrɔ̃la na Israelviwo ƒe ewo. 12Esi Elon ku la, woɖii ɖe Aiyalon le Zebulonyigba dzi.
13Ʋunudrɔ̃la si kplɔ Elon ɖo lae nye Abdon, Hilel ƒe vi, tso Piratɔn. 14Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi. 15Esi Abdon, Hilel vi ku la, woɖii ɖe Piratɔn le Efraimnyigba dzi, le Amalekitɔwo ƒe anyigba dzi.

Currently Selected:

Ʋɔnudrɔ̃lawo 12: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in