YouVersion Logo
Search Icon

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10

10
1Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi. 2Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir. 3Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. 4Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.” 5Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon.
Israelviwo gasubɔ mawu bubuwo
6Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la, 7edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo, 8ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to. 9Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ 10eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.” 11Yehowa ɖo eŋu be, “Ɖe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amonitɔwo, Filistitɔwo 12Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maonitɔwo ƒe asi me oa? 13Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o. 14Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!”
15Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!”
16Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa. 17Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.
18Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”

Currently Selected:

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in