YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 9

9
Mawu bla nu kple Noa
1Mawu yra Noa kple viawo, eye wògblɔ na wo be, “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba blibo la dzi.” 2Vɔvɔ̃ aɖo anyigbadzilãwo katã kple dziƒoxevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe si tana kple ƒumelãwo katã ɖe mia ŋu, eye metsɔ wo de asi na mi. 3Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.
4“Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. 5Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.
6“Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la,
ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi,
elabena Mawu ƒe nɔnɔme
me Mawu wɔe ɖo.
7Ɛ̃, midzi ne miasɔ gbɔ fũu, mikpe xexe blibo la me ɖo, eye miaɖu edzi.”
8Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be, 9“Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo 10kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. 11Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o. 12Metsɔ dzesi sia tre nubabla sia nu: 13Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu. 14Ne mena lilikpowo tsyɔ anyigba dzi la, woakpɔ anyieʋɔ le lilikpoawo me, 15ekema maɖo ŋku nye nubabla kpli wò kple nu gbagbe ɖe sia ɖe dzi be tsiɖɔɖɔ magava atsrɔ̃ nu gbagbewo azɔ o. 16Ɣe sia ɣi si anyieʋɔ ado ɖe lilikpo me la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla mavɔ si le Mawu kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi dome la dzi.”
17Eye Mawu gblɔ na Noa be, “Esiae nye nubabla si mewɔ kple nu gbagbe siwo katã le xexea me la ƒe dzesi.”
18Noa ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Ham kple Yafet. (Ham nye Kanaantɔwo fofo.) 19Amegbetɔƒome blibo la do tso Noa ƒe viŋutsu etɔ̃ siawo me.
20Noa, ame si nye agbledela la de waingble. 21Esi wòno wain la ƒe ɖe la, emu aha, eye wòɖe amama mlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔ me. 22Ham, ame si nye Kanaantɔwo fofo la kpɔ fofoa ƒe amame, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo. 23Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo.
24Esime Noa ƒe ŋkume kɔ, eye wòse nu si Via ŋutsu suetɔ wɔ ɖe eŋu la, 25egblɔ be,
“Woaƒo fi ade Kanaan;
ànye kluvi gblɔetɔ na nɔviwòwo.”
26Eyi edzi be,
“Woayra Yehowa, Sem ƒe Mawu.
Kanaan nazu kluvi na Sem.
27Mawu nekeke Yafet ƒe anyigba ɖe edzi.
Yafet nanɔ Sem ƒe agbadɔwo me,
eye Kanaan nanye eƒe kluvi.”
28Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ blaatɔ̃ (350) le tsiɖɔɖɔ megbe. 29Exɔ ƒe alafa asiekɛ blaatɔ̃ (950) hafi ku.

Currently Selected:

1 Mose 9: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy