YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 31

31
Yakob ɖo ta me be yeatrɔ ayi ye fofo ƒe anyigba dzi
1Yakob va nya be Laban ƒe viwo nɔ liʋĩliʋĩ lĩm be, “Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ.” 2Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o. 3Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, “Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ wò ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli wò.”
4Eya ta gbe ɖeka Yakob ɖo du ɖe Rahel kple Lea be woava kpɔ ye le alẽhawo gbɔ le gbedzi, 5ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ.
Yakob gblɔ na wo be, “Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam. 6Mienya ale si mewɔ dɔ sesĩe na mia fofo, 7ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe mɔ nɛ be wòawɔ nuvevi aɖekem o! 8Elabena ne egblɔ be lã ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema lã siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be lã siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti. 9Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta.
10“Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã nɔ asi yɔm la nye lã siwo me fli to kple esiwo nɔ ŋɔtaŋɔta la. 11Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, ‘Yakob,’ eye metɔ be, ‘Nyee nye esi.’ 12Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃nɔ ɣiawo.” Egblɔ be, “Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban wɔ ɖe ŋuwò la. 13Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia wò le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na wò be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi wò ɖo la.”
14Rahel kple Lea ɖo eŋu be, “Nu sia nyo na mí! Naneke mele afi sia na mí o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na mí o! 15Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ mí dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta hã megali o. 16Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na wò to mía fofo dzi la nye mí kple mía viwo tɔ, eya ta wɔ nu sia nu si Mawu be nàwɔ la.”
Yakob kple srɔ̃awo kpakple viawo si dzo le Laban gbɔ
17Yakob kɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi, eye wodzo. 18Ke ena wokplɔ eƒe lãhawo do ŋgɔe kpe ɖe nunɔamesi siwo katã wòkpɔ le Padan Aram la ŋuti ɖo ɖe fofoa Isak le Kanaanyigba dzi.
19Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe. 20Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o. 21Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi. 22Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu. 23Ekplɔ ame aɖewo ɖe asi, eye wodze eyome kple du heva tui le ŋkeke adre megbe le Gilead to la gbɔ. 24Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee hã o.” 25Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban hã tu eƒe agbadɔ ɖe to la te.
26Laban bia Yakob be, “Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? 27Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo? 28Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ. 29Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’ 30Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe nɔ dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?”
31Yakob ɖo eŋu na Laban be, “Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Àva xɔ viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.’ 32Ke le wò aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be wò nane le wo me mahã. Ne èkpɔ wò nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe.” Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o.
33Laban yi ɖaka Yakob ƒe agbadɔ me gbã; emegbe eyi ɖaka Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ aklamakpakpɛawo o. Esia megbe la, eyi ɖaka Rahel tɔ me azɔ. 34Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene hã la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o.
35Rahel gblɔ na fofoa be, “Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu.”
36Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, “Nu vɔ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? 37Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe wò ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.
38“Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ wò alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na wò, eye nyemewu wò agbo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ɖa ɖu o. 39Ne lã wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa wò be nàɖe wo tso wò lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na wò. Èna mexe fe ɖe wò lã ɖe sia ɖe si wofi tso wò lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o!
40“Mewɔ dɔ na wò, ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le zã me, eye nyemedɔa alɔ̃ o. 41Ɛ̃, mewɔ dɔ na wò ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo. 42Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka pɛ gɔ̃ hã manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ wò ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia wò le zã si va yi me.”
43Laban ɖo eŋu na Yakob be, “Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo hã tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? 44Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi.”
45Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene, 46eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali kɔ ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ. 47Laban yɔe be Yegar Sahaduta, eye Yakob yɔe be Galed. 48Laban gblɔ be, “Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli wò dome egbea.” Eya ta woyɔe be Galed. 49Eya ta woyɔe hã be “Mizpa” si gɔmee nye “Nuŋudzɔla,” elabena Laban gblɔ be, “Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o hã la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi. 50Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.”
51Laban gblɔ na Yakob be, “Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli wò dome la hã le afi sia. 52Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia hã nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava wò akpa dzi ava wɔ nuvevi aɖeke wò o, eye be wò hã màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva wɔ nuvevi aɖekem o. 53Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.”
Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu. 54Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi. 55Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de.

Currently Selected:

1 Mose 31: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy