YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 15

15
Mawu do viŋutsu ŋugbe na Abram
1Le nya siawo megbe la, Yehowa ƒo nu na Abram le ŋutega me gblɔ nɛ be,
“Mègavɔ̃ o, Abram,
elabena nyee nye wò akpoxɔnu,
maʋli tawò, eye makɔ yayra geɖewo ɖe dziwò.”
2Ke Abram gblɔ be, “O, Aƒetɔ Yehowa, nu ka nàte ŋu anam esi vi mele asinye o, eye ame si anyi nye domee nye Eliezer tso Damasko?” 3Eye Abram gblɔ be, “Mèna vi aɖekem o, eya ta nye subɔlae anyi nye dome.”
4Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”
5Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!” 6Abram xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa bui dzɔdzɔenyenye nɛ. 7Eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa, ame si kplɔ wò tso Ur le Kaldea be matsɔ anyigba sia ana wò tegbetegbe.”
8Ke Abram biae be, “O, Aƒetɔ Yehowa, aleke mawɔ aka ɖe edzi be àtsɔe nam?” 9Eɖo eŋu nɛ gblɔ be, “Tsɔ nyinɔ si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔ̃nɔ si xɔ ƒe etɔ̃, agbo si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔnɛ siwo metsi o la vɛ.” 10Abram tsɔ lãawo kple xeawo vɛ nɛ. Efe lãawo me ɖe akpa eve, eye wòtsɔ lãawo ƒe afãwo ɖo ɖe wo nɔewo ŋu le fli ene me, gake mefe xeviawo yame o. 11Esi akagawo va lãawo ɖu ge la, Abram nya wo.
12Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe.
13Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Medi be nànyae kɔtɛe be, woate wò dzidzimeviwo ɖe to abe amedzroviwo ene eye woasubɔ ame mawo le dzronyigba dzi ƒe alafa ene sɔŋ. 14Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo. 15Wò la, àku le ŋutifafa me, ne ètsi xɔ ƒe geɖe. 16Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”
17Esi ɣe ɖo to, eye viviti do la, Abram kpɔ ze aɖe si me dzudzɔ nɔ dodom tso kɔlikɔli kple akakati aɖe si nɔ lã kuku fefeawo dome tom.
18Ale Yehowa wɔ nubabla sia kple Abram gbe ma gbe gblɔ be, “Metsɔ anyigba sia si le Egipte tɔsisi la kple Frat tɔsisi gã la dome la na wò dzidzimeviwo. 19Metsɔ dukɔ siawo hã na wò: Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, 20Hititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo, 21Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo.”

Currently Selected:

1 Mose 15: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy