YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose 34:6-7

2 Mose 34:6-7 AL

Yehowa to Mose ŋkume, eye wòɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ be, “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela, ame si gbɔa dzi ɖi blewu, eye eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nu metsina o; ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”

Free Reading Plans and Devotionals related to 2 Mose 34:6-7