2 Mose 15:23-25
2 Mose 15:23-25 AL
Esi wova ɖo Mara la, womete ŋu no tsi le afi ma o, elabena tsi la le vevem. (Esia ta woyɔa teƒe ma be Mara.) Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?” Mose ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa fia ati aɖee wòtsɔ da ɖe tsi la me, eye tsi veve la trɔ zu tsi nyui. Le Mara la, Yehowa de se siawo na wo be yeado woƒe ɖokuitsɔtsɔ na ye akpɔ.





