2 Mose 10:1-2
2 Mose 10:1-2 AL
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Gayi Farao gbɔ, eye nàgatsɔ wò biabia la ɖo eŋkume. Ke mana eya kple eƒe aɖaŋudelawo ƒe dzi me nagasẽ kokoko ale be mate ŋu awɔ nukunu bubuwo, eye maɖe nye ŋusẽ afia. Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”




