YouVersion Logo
Search Icon

Efesotɔwo 4:14-15

Efesotɔwo 4:14-15 AL

Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o, ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me.