Bible App logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 2:22-36

Dɔwɔwɔwo 2:22-36 AL

Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, “ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o. Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me. Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wò kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o. Èna menya agbemɔwo, eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ” Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.” ’ “Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”

Free Reading Plans and Devotionals related to Dɔwɔwɔwo 2:22-36