YouVersion Logo
Search Icon

2 Tesalonikatɔwo Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Esi Paulo ŋlɔ agbalẽ gbãtɔ na Tesalonikatɔwo la, eteƒe medidi kura hafi wògaŋlɔ evelia o. Aʋatsonufiala aɖewo gblɔ na Tesalonikatɔwo be Kristo va zi evelia xoxo. Nu sia he tɔtɔ geɖe va hamea me. Ame geɖewo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wode asi kuviawɔwɔ me. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia heka mo na wo le woƒe kuviawɔwɔ kple dɔmawɔmawɔ ta. Efia nu wo tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti. Edo ŋusẽ wo be woalé xɔse la me ɖe asi sesĩe, eye woanɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe vava zi evelia.
Emenyawo
Gbedoname (1:1-2)
Paulo ƒe akpedada kple gbedodoɖa ɖe hamea ta (1:3-12)
Aƒetɔ la ƒe vava zi evelia (2:1-17)
Nufiamewo (3:1-15)
Yayranyawo kple gbedonamewo (3:16-18)

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in