1 Samuel 5:3-4
1 Samuel 5:3-4 AL
Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo.





