1 Korintotɔwo 5:12-13
1 Korintotɔwo 5:12-13 AL
Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm. Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”





