1
1Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,
2Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.
3Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ kpli mi.
Akpedada
4Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta. 5Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me, 6eye wòna woɖo kpe Kristo ƒe ɖaseɖiɖi dzi le mía me. 7Azɔ la, gbɔgbɔmenunana aɖeke matsi mia nu o, eye mianɔ lalam vevie na Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la. 8Ana mianɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwu, eye woakpɔ mi mokakamanɔŋutɔwoe le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. 9Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye.
Mama le hamea me
10Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me. 11Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia nɔvi siwo le Kloe ƒe aƒe me la dometɔ aɖewo fi tofi nam be nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele. 12Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”
13Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be nye Paulo ye ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia? 14Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome. 15Eya ta mia dometɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be wode mawutsi ta na ye le nye ŋkɔ me o.
16(Ɛ̃, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.) 17Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.
Kristo, Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ
18Menya nyuie be, ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo le ɖeɖe kpɔm 19elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be,
“Magblẽ nunyalawo ƒe nunya me;
eye maɖe gɔmeselawo ƒe nugɔmesese ɖa.”
20Ekema afi ka nunyalawo le? Afi kae agbalẽnyalawo le? Afi kae xexe sia me ƒe anukutsyɔlawo le? Ɖe Mawu mewɔ xexe sia me nunya wòzu bometsitsi oa? 21Esi xexea me metsɔ eya ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, edze Mawu ŋu be yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ ame siwo axɔ ase la. 22Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo eye Grikitɔwo dia xexemenunya, 23ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo, ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na ame siwo menye Yudatɔwo o, 24ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya. 25Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.
26Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo. 27Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. 28Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, 29ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.
30Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi. 31Eya ta abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ne ame aɖe aƒo adegbe la, nèƒoe le nu si Aƒetɔ la wɔ la ko ŋu.”