1
Mose IV 20:12
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ke Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Esi miexɔ dzinye se bliboe o, eye miekɔ ŋunye le Israelviwo ŋkume o ta la, nyemana miakplɔ ha sia ade anyigba si metsɔ na wo la dzi o.”
Compare
Explore Mose IV 20:12
2
Mose IV 20:8
“Tsɔ atikplɔ si le nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wò kple Aron miaƒo ha blibo la nu ƒu. Ƒo nu kple agakpe la le wo ŋkume be nena tsi nado tso eme. Aleae miawɔ ana tsi nado tso agakpe la me ne ha la kple woƒe lãwo nano.”
Explore Mose IV 20:8
3
Mose IV 20:11
Tete Mose kɔ atikplɔ la dzi, ƒo agakpe la zi eve, eye tsi do bababa tso eme na ha la kple woƒe lãwo wono.
Explore Mose IV 20:11
4
Mose IV 20:10
Eya kple Aron ƒo ha la nu ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi aglãdzela siawo! Misee! Ɖe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?”
Explore Mose IV 20:10