Egblɔ na Israelviwo be: “Ne mia viwo bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta kpe siawo le afii?’ mahã la, miɖo eŋu na wo be: ‘Mí Israelviwo míezɔ anyigba ƒuƒui to Yordan me kpɔ. Elabe Aƒetɔ, mía Mawu la, na Yordan-tɔsisia mie zu ƒuƒuiƒe na mí va se ɖe esime mieto eme do vɔ, abe ale si wòna Aƒlaƒu la mie zu ƒuƒuiƒe na mía tɔgbuiwo woto eme do ene.