1
Yosua 23:14
EƲEGBE BIBLIA
EB14
“Azɔ la, nye kuɣi ɖo. Mia dome ame sia ame kpɔe dze sii kɔtɛe le eƒe dzi kple luʋɔ me, be miaƒe asi su nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na mi la dzi, eye mete ɖeka pɛ hã mi o.
Compare
Explore Yosua 23:14
2
Yosua 23:11
Eya ta milé be na mia ɖokui nyuie ne mialɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la.
Explore Yosua 23:11
3
Yosua 23:10
Mia dome ame ɖeka te ŋu nyàa ame akpe ɖeka ɖe du nu, elabe Aƒetɔ, mia Mawu lae wɔa aʋa na mi, abe ale si wòdo ŋugbe na mii ene.
Explore Yosua 23:10
4
Yosua 23:8
Ke boŋ miku ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu abe ale si mieku ɖe eŋu va se ɖe egbe ene.
Explore Yosua 23:8
5
Yosua 23:6
Eya ta minɔ te sesĩe eye milé nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye mizɔ ɖe wo nu. Migagblẽ akpa aɖeke ɖi o.
Explore Yosua 23:6