1
Ɖelawo 7:2
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Tete Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Medi be mana miaɖu Midiantɔwo dzi, evɔ la, ame siwo nèkplɔ ɖe asi la sɔ gbɔ akpa. Ne mieɖu dzi la, Israel magado eɖokui ɖe dzi agblɔ be: Nye ŋutɔ nye asie ɖem’ o.
Compare
Explore Ɖelawo 7:2
2
Ɖelawo 7:7
Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Matsɔ ame alafa etɔ̃ siwo ku tsia no kple aɖe abe avu ene la aɖe mi, eye mana miaɖu Midiantɔwo dzi. Ke na ame mamlɛawo katã nagbugbɔ ayi wo nɔƒe.”
Explore Ɖelawo 7:7
3
Ɖelawo 7:3
Eya ta azɔ la, ɖe gbeƒã ne amewo katã nase be: ‘Ame si ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, negbugbɔ yi aƒe.’ ” Tete Gideon do wo kpɔ eye ame akpe bla eve vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.
Explore Ɖelawo 7:3
4
Ɖelawo 7:4
Ke Aƒetɔ gblɔ na Gideon be: “Ameawo gasɔ gbɔ akpa kokoko. Kplɔ wo yi ɖe tɔ la nu bene mado wo kpɔ na wò le afi ma. Ne megblɔ be ame aɖe neyi kpli wò la, eya neyi kpli wò. Ne megblɔ be ame aɖe ya megayi kpli wò o la, megayi kpli wò o.”
Explore Ɖelawo 7:4
5
Ɖelawo 7:5-6
Esi Gideon kplɔ ameawo va tɔa nu la, Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Tia ame siwo no tsi la kple aɖe abe avu ene la ɖe aga tso ame siwo dze klo tsyɔ nu eme noe la gbɔ.” Ame siwo ku tsia ɖe asiƒome no kple aɖe la le ame alafa etɔ̃, ke ame mamlɛawo katã ya dze klo tsyɔ nu ɖe tsia me hafi noe.
Explore Ɖelawo 7:5-6