Togbɔ be gbotiwo megatse o,
eye kutsetse mele wainka aɖeke ŋu o;
togbɔ be amiti meganaa ami o,
eye nu megawɔna le agblewo me o,
togbɔ be alẽwo tsrɔ̃ le lãkpo me,
eye nyi megale nyikpo aɖeke me o hã la,
nye ya makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu
eye matso aseye ɖe Mawu,
nye Xɔnametɔ ŋuti.