Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbe. Mele dziƒo kple anyigba yɔm be woanye nye ɖasefowo. Eya ta mitia agbe, be mi kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe. Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la. Ɖo toe, eye nàku ɖe eŋu elabe eyae nye wò agbe, be nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na wo la dzi.”