Ale Anania tso yi ɖage ɖe aƒe si me Saulo le la me. Eda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be: “Nɔvi Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi esi nègbɔna lae dɔm ɖe gbɔwò, be wò ŋkuwo naʋu, nàgakpɔ nu eye nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.” Enumake nane si le abe tsro ene la ge le Saulo ƒe ŋku dzi, eye wògakpɔ nu. Etsi tsitre eye wole mawutsi nɛ.