1
Korintotɔwo I, 15:58
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Eya ta, nɔvinyewo, minɔ te sesĩe, eye migaʋã kura o. Mido vevie ne miawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ ɖaa. Miɖo ŋui be dɔ siwo katã miewɔna na Aƒetɔa la ƒe ɖeke mezua dɔ vlo gbeɖe o.
Compare
Explore Korintotɔwo I, 15:58
2
Korintotɔwo I, 15:57
Ke akpe na Mawu, ame si na míeɖu dzi to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
Explore Korintotɔwo I, 15:57
3
Korintotɔwo I, 15:33
Migana woable mi o. “Ne nuvɔ̃wɔla le ha dem kple ame nyui la, ame nyui la hã ƒe nɔnɔme ɖe wògblẽna.”
Explore Korintotɔwo I, 15:33
4
Korintotɔwo I, 15:10
Ke Mawu ve nunye meva zu nu si menye, eye ale si wòve nunyee la, mezu dzodzro o. Ke boŋ meva wɔ dɔ wu amedɔdɔawo dometɔ ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, menye nye ŋutɔe wɔ dɔa o, Mawue ve nunye.
Explore Korintotɔwo I, 15:10
5
Korintotɔwo I, 15:55-56
“O, ku, wò dziɖuɖu la ɖe? O, ku wò ti la ɖe?” Ku ƒe ti nye nuvɔ̃ eye nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la.
Explore Korintotɔwo I, 15:55-56
6
Korintotɔwo I, 15:51-52
Mikpɔ ɖa, medi be magblɔ nya ɣaɣla sia na mi. Mí katã míele alɔ̃ dɔ ge o, ke woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme zi ɖeka ne kpẽ mamlɛtɔ ɖi. Ne kpẽa ɖi la, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, woazu nu magblemagblẽ, eye Mawu atrɔ míaƒe nɔnɔme.
Explore Korintotɔwo I, 15:51-52
7
Korintotɔwo I, 15:21-22
Abe ale si ku to ame ɖeka dzi va xexeme ene la, nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã to ame ɖeka dzi vae. Abe ale si amewo katã ku to Adam dzi ene la, nenema ke to Kristo dzi amewo katã agagbɔ agbe.
Explore Korintotɔwo I, 15:21-22
8
Korintotɔwo I, 15:53
Elabe ele be woatsɔ nɔnɔme si megblẽna o la, ado na nɔnɔme si gblẽna la, eye woatsɔ nɔnɔme si mekuna o la ado na nɔnɔme si kuna la.
Explore Korintotɔwo I, 15:53
9
Korintotɔwo I, 15:25-26
Elabe ele be Kristo naɖu dzi, va se ɖe esime Mawu natsɔ eƒe futɔwo katã ade eya, Kristo, ƒe afɔ te. Kue nye futɔ mamlɛtɔ si tsrɔ̃ ge wòala.
Explore Korintotɔwo I, 15:25-26