1
Romatɔwo 12:2
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.
Compare
Explore Romatɔwo 12:2
2
Romatɔwo 12:1
Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
Explore Romatɔwo 12:1
3
Romatɔwo 12:12
Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!
Explore Romatɔwo 12:12
4
Romatɔwo 12:21
Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
Explore Romatɔwo 12:21
5
Romatɔwo 12:10
Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!
Explore Romatɔwo 12:10
6
Romatɔwo 12:9
Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!
Explore Romatɔwo 12:9
7
Romatɔwo 12:18
ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!
Explore Romatɔwo 12:18
8
Romatɔwo 12:19
Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“
Explore Romatɔwo 12:19
9
Romatɔwo 12:11
Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!
Explore Romatɔwo 12:11
10
Romatɔwo 12:3
Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.
Explore Romatɔwo 12:3
11
Romatɔwo 12:17
Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me
Explore Romatɔwo 12:17
12
Romatɔwo 12:16
Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.
Explore Romatɔwo 12:16
13
Romatɔwo 12:20
Eyata ne do le wò futɔ wum la, na nuduɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.
Explore Romatɔwo 12:20
14
Romatɔwo 12:14-15
Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o! Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!
Explore Romatɔwo 12:14-15
15
Romatɔwo 12:13
Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!
Explore Romatɔwo 12:13
16
Romatɔwo 12:4-5
Elabena alesi ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mi, gake ŋutinuawo katã mewɔa ɖo ɖeka ƒomevi o la, nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye
Explore Romatɔwo 12:4-5