Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o; nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋui me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.
Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o