1
Efesotɔwo 6:12
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.
Compare
Explore Efesotɔwo 6:12
2
Efesotɔwo 6:18
Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta
Explore Efesotɔwo 6:18
3
Efesotɔwo 6:11
Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu ano te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu
Explore Efesotɔwo 6:11
4
Efesotɔwo 6:13
Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.
Explore Efesotɔwo 6:13
5
Efesotɔwo 6:16-17
Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi. Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.
Explore Efesotɔwo 6:16-17
6
Efesotɔwo 6:14-15
Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu, eye mitso dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la bla miaƒe afɔ gɔme.
Explore Efesotɔwo 6:14-15
7
Efesotɔwo 6:10
Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!
Explore Efesotɔwo 6:10
8
Efesotɔwo 6:2-3
„Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la — „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“
Explore Efesotɔwo 6:2-3
9
Efesotɔwo 6:1
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.
Explore Efesotɔwo 6:1
Home
Bible
Plans
Videos